INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/98 axa 8
  • Ƒã Agbe Mavɔ ƒe Mɔkpɔkpɔa Ðe Amewo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒã Agbe Mavɔ ƒe Mɔkpɔkpɔa Ðe Amewo Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sidzedze si Tso Mawu Gbɔ Ðoa Biabia Geɖe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • “Esiae Nye Agbe Mavɔ La”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Tɔtrɔyi Be Míaɖe Ame Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 3/98 axa 8

Ƒã Agbe Mavɔ ƒe Mɔkpɔkpɔa Ðe Amewo Me

1 Togbɔ be amegbetɔ dze agbagba di mɔ siwo nu wòato be wòagatsi kaba o kple be yeƒe agbenɔƒe nadidi ɖe edzi hã la, ekua amegã hekuna kokoko. Aleke gbegbe míedaa akpe enye si be Biblia ɖe nusita amegbetɔwo kua amegã hekuna, kpakple alesi woava tsi nusiwo amegãkuku gblẽna nu eye woaɖe ku ɖa me. Woɖe nyateƒenya siawo me wo me kɔ le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la me. Agbalẽa ɖo biabia ɖefuname siwo ku ɖe agbe kple ku ŋu la ŋu, eye wòhe exlẽla ƒe susu yi ɣeyiɣi si me woagbugbɔ aɖo Paradiso anyi la dzi.

2 Míana Sidzedze-gbalẽa le March me kple taɖodzinu be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. (Mat. 28:19, 20) Emegbe míatrɔ ayi amesiwo katã tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me gbɔ. Ne míewɔe alea la, ɖewohĩ míate ŋu aƒã agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ɖe amewo me. (Tito 1:2) Ðewohĩ aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔe.

3 Àte ŋu abia nya sia ne èyi zi gbãtɔ:

◼ “Èbu nusita agbe didi nɔnɔ dzroa amegbetɔwo ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Buddhatɔwo, Kristotɔwo, Hindutɔwo, Moslemtɔwo, kple ame bubuwo siaa kpɔa mɔ na agbe nɔnɔ le ku megbe.” Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 6 lia, “Nukatae Míetsina Kua Amegã Hekuna?,” eye nàxlẽ memamã 3 lia. Ðe mawunyakpukpui siwo me nya womeyɔ o me. He susu yi biabia eve siwo le memamãa ƒe nuwuwu dzi, eye nàbia aƒemenɔla la be adi be yeanya ŋuɖoɖoawo hã. Ne edi be yeanya la, yi edzi miadzro memamã ʋee siwo gakplɔe ɖo me. Nusɔsrɔ̃ gɔmee nye ma nèdze! Ne medzɔ nenema o la, tsɔ agbalẽa nɛ eye nàwɔ ɖoɖo atrɔ ayi, anyo be nàyi le ŋkeke ɖeka alo eve megbe, bene miayi biabiaawo me dzodzro dzi.

4 Ne ètrɔ yi afisi nèna “Sidzedze” ƒe agbalẽa le la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Metrɔ va be míadzro biabia eve siwo ku ɖe ku ŋu siwo ŋu míeɖo haɖe o me.” Ðo ŋku biabiaawo dzi na aƒemenɔla la. Emegbe nàdzro nya si le ta 6 lia me le tanya sue si nye “Nugbeɖoɖo Vɔ̃ɖi Aɖe” te me. Le alesi nɔnɔmeawo anɔ nu la, àte ŋu ayi nusɔsrɔ̃a dzi loo alo nàhe susu yi biabia mamlɛ si le memamã 7 lia ƒe nuwuwu dzi atsɔ aɖo nusɔsrɔ̃ si miagava wɔ gɔme anyi. Wɔ ɖoɖo nyuie nàgatrɔ ayi. He susu yi hamea ƒe kpekpewo dzi, eye nàgblɔ alesi míewɔa woe nɛ. Tsɔ dzidzɔ kpee be wòava.

5 Eɖanye aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm nèle alo vome ɖase ɖim nèle o, àte ŋu agblɔ nya sia atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme be:

◼ “Ède ŋugble le nusi le etsɔme na mía kple anyigba la ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Nya ɖeka koe Biblia tsɔ ɖɔ etsɔmee—Paradiso! Eɖe nu me be le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ anyigba la ƒe akpa aɖe wònye paradiso dzeani aɖe eye wòda amegbetɔ atsu kple asi siwo wòwɔ la ɖe afima. Ðe wòɖoe be woayɔ anyigba la dzi, eye vivivi la, woatrɔe wòazu paradiso. Se alesi woɖɔ eƒe nɔnɔmee le afisia ɖa.” Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 8, eye nàxlẽ memamã 9 lia, le tanya sue si nye “Agbenɔnɔ le Paradiso Me” te. Emegbe nàdzro nya siwo le mememã 10 lia me, eye nàxlẽ mawunyakpukpui si me nya womeyɔ o, si nye Yesaya 55:10, 11. Doe ɖe egbɔ be yewoayi dzeɖoɖoa dzi akpɔ alesi agbenɔnɔ anɔ le Paradiso si woagaɖo anyi me ɖa ale be miato memamã 11-16 me ɖekae. Alo nàde dzi ƒo na amea be wòaxlẽe le eɖokui si, eye nàwɔ ɖoɖo be yewoagado go adzro eme.

6 Ne mète ŋu dze nusɔsrɔ̃ gɔme zi gbãtɔ o la, ne ètrɔ yi àte ŋu agblɔ nya sia ate kpɔ be yeadze egɔme:

◼ “Abe alesi míegblɔe le míaƒe dzeɖoɖo me va yi ene la, enye Mawu ƒe tameɖoɖo be anyigba bliboa natrɔ azu paradiso. Ema fɔ biabia ɖe te be, Aleke Paradiso anɔ?” Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 1, eye miasrɔ̃ memamã 11-16, le tanya sue si nye “Agbenɔnɔ le Paradiso si Wogaɖo Anyi Me” te. Emegbe nàtsɔ nɔnɔmetata si le axa 4-5 fiae, eye nàbia amea be adi be yeanɔ agbe le nuto sia tɔgbe me hã. Azɔ nàxlẽ memamã 17 lia ƒe nyagbe gbãtɔ le axa 10 lia. Le alesi nɔnɔmeawo anɔ nu la, àte ŋu ayi nusɔsrɔ̃a dzi loo alo àte ŋu agblɔ be ne yetrɔ va la, yeaɖe nusi wòbia hafi woanɔ Paradiso si wogaɖo anyi me la me nɛ. Gblɔ hamea ƒe kpekpeyiɣiwo nɛ, eye nàkpe amea dzidzɔtɔe be wòava Fiaɖuƒe Akpata me.

7 Dɔwɔnu nyui aɖee Sidzedze-gbalẽa nye míazã atsɔ ana amewo nanya “agbe mavɔ” si ŋugbe Mawu do. Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo nàwɔ kple amewo la aƒã mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia si tso Mawu, “amesi [mekaa] aʋatso o” gbɔ la ɖe wo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe