Subɔsubɔkpekpewo Hena July
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 6
Hadzidzi 110
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa ƒe March gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubu (de dzesi gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si míekpɔ kpɔ) kple miaƒe hamea tɔ ŋu. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.
15 min: “Aleke Gbegbe Wònyoe Nye si be Nàyi Ɣesiaɣi!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Ƒo nu tso nya siwo le Eŋlisigbe me Nyɔ!, June 8, 1988, axa 19-21 me hã ŋu nàtsɔ ade dzi ƒo na sɔhɛwo be woayi kpekpewo edziedzi.
20 min: “Ele Be Mía Haviwo Nase Nyanyui La.” Wɔ ɖoɖo be gbeƒãɖela bibi eve alo etɔ̃ nadzro aɖaŋu siwo woɖo le alesi woana agbalẽ gbadza siwo le hamea si dometɔ ʋee aɖewoe ŋu me. Ƒo nu tso nusita wòasɔ na miaƒe anyigbamamãa ŋu. Te gbe ɖe taɖodzinu si nye be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza alo Sidzedze-gbalẽa me dzi. Wɔ yiyi zi gbãtɔ kple tɔtrɔyi si kplɔe ɖo kpakple alesi woado nusɔsrɔ̃ ɖe ame gbɔe fia.
Hadzidzi 73 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 13
Hadzidzi 116
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. De dzi ƒo na amesiame be wòabu kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le August me ŋu vevie, le esi kwasiɖa blibo atɔ̃e anɔ eme ta.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
20 min: Ðe Xexeame ƒe Gbɔgbɔ le Aɖi Dem Lãme na Wòa? Hamemegã ƒe nuƒo si nɔ te ɖe Gbetakpɔxɔ, October 1, 1997, axa 25-9 dzi.
Hadzidzi 182 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 20
Hadzidzi 18
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro aɖaka si ƒe tanya nye “Akpe Blaatɔ̃-Vɔ-Enyi!” me.
12 min: “Sasrãkpɔ si Ate Ŋu Anye Yayra.” Hamemegã eve ƒe numedzodzro. Miɖe taɖodzinu si le kpɔkplɔdɔa ŋu me, abe alesi wodzro emee le Gbetakpɔxɔ, September 15, 1993, axa 20-3 ene. Tsɔ vividoɖeameŋu de dzi ƒo na hamea be woakpɔ mɔ na hamemegãwo ƒe sasrãkpɔwo.
25 min: “Mɔɖeɖedɔa—Àte Ŋu Awɔea?” (Memamã 1-14) Subɔsubɔdɔdzikpɔla nagblɔ ŋgɔdonya kpui aɖe atsɔ ade dzi ƒo na amesiame be woabu gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu vevie. Azɔ adzro biabia 1 me, tsɔ kpe ɖe nya siwo le “Mɔɖeɖedɔ ƒe Gbɔgbɔ si me Dzo Le” te le ƒe 1998 Yearbook, axa 104-5 ŋu. Hamea me tɔ eve alo etɔ̃ siwo si mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ le nava kpe ɖe eŋu le nuƒolanɔƒea ne woadzro biabia 2 lia me. Woagblɔ nya tuameɖo siwo sɔ si fia be anya wɔ be woate ŋu akpɔ ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ ne wole mɔɖeɖedɔa wɔm. Azɔ dzila eve nava kpe ɖe ƒuƒoƒoa ŋu woadzro biabia 3 lia me. Wogblɔ susu nyui siwo ta wòle be sɔhɛwo nabu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa tsɔtsɔ wɔ agbemedɔe ŋu vevie. De dzi ƒo na amesiame be woava Subɔsubɔkpekpea kwasiɖa si kplɔe ɖo esime woagadzro biabia siwo susɔ me.
Hadzidzi 80 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 27
Hadzidzi 155
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ eƒe July gbeadzisubɔsubɔ kɔnta ana. Ðe gbeƒã gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe ɖoɖo siwo miewɔ na kwasiɖanuwuwu gbãtɔ le August me, eye nàde dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le eme. Dzro “Takpexɔ ƒe Hiahiãwo” me.
30 min: “Mɔɖeɖedɔa—Àte Ŋu Awɔea?” (Memamã 15-25) Nuƒo kple numedzodzro si hamemegã awɔ. Wɔ ɖoɖo do ŋgɔ be mɔɖelawo kple amesiwo wɔ mɔɖeɖedɔa kpɔ nagblɔ woƒe dzimenyawo atsɔ aɖo biabia 4-5 ŋu. Woate gbe ɖe ɖoɖowɔɖi nyui wɔwɔ kple zɔzɔ ɖe edzi tututu dzi, eye woagblɔ subɔsubɔdɔa wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ɖoɖowɔɖi siwo sɔ ŋutɔŋutɔ ƒe kpɔɖeŋuwo. Hamemegã la natsɔ nuƒo ʋãme si aɖo biabia 6 lia ŋu aƒo etae. September 1 si nye subɔsubɔƒea ƒe gɔmedzedze nye ɣeyiɣi nyui si dzi mɔɖela yeyewo adze woƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Woate ŋu axɔ dɔbiagbalẽvi le Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia me tɔ ɖesiaɖe gbɔ.
Hadzidzi 51 kple gbedodoɖa hena kpakpã.