Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le September me: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. October: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ wɔwɔ. November: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. December: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me kple New World Translation.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòatia nato hamea ƒe gakɔntawo me le September 1 dzi alo emegbe teti. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔ esia vɔ.
◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamemegãwo be woawɔ ɖe mɔfiame siwo le April 15, 1991, Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 21-3 ku ɖe amesiwo woɖe le hamea me alo amesiwo ɖe wo ɖokui le hamea me siwo le didim be woagaxɔ yewo ŋu la dzi.
◼ Amesiwo le hamea me la nawɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ yeyewo kple esiwo wogbugbɔ le dɔdɔm kpakple woa ŋutɔwo tɔwo katã to hamea dzi.
◼ Habɔbɔa meɖoa agbalẽnudɔdɔ ɖe gbeƒãɖela ɖekaɖekawo o. Dzikpɔla zimenɔla nana woaɖe gbeƒãe ɣleti ɖesiaɖe do ŋgɔ hafi woatsɔ ɣleti ɖesiaɖe ƒe agbalẽnudɔdɔ si hamea wɔna la aɖo ɖe Habɔbɔa ale be amesiwo katã di be yewoadɔ agbalẽ na woa ŋutɔwo ƒe zazã la nagblɔe na agbalẽdzikpɔlaa. Taflatse agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo le nenɔ susu me na mi.
◼ Hamewo katã nade dzesii: Hafi miawu agbalẽ siwo ɖo kpe Fiaɖuƒe Akpata ƒe nutɔnyenye dzi (abe indenture kple bubuawo ene) wɔwɔ nu la, ele be miaɖo agbalẽ siawo ƒe kɔpiwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea woalé ŋku ɖe wo ŋu be nusianu sɔ eye wode pɛpɛpɛ le wo dzi eye ne ɖɔɖɔɖo aɖe hiã le wo ŋu la, woawɔe. Taflatse mide dzesii be ele be miawɔ nusia hafi woade asi agbalẽawo te.