Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
Ghana: Gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ yeye si nye ame 55,539 ye bu akɔnta le April me—esia nye dzidziɖedzi 9 le alafa me ɖe ƒe si va yi ƒe mamã dedie dzi. Ame 201,800 ye de Ŋkuɖodzia.
Malawi: Hameawo sɔ gbɔ wu 600 fifia. Esia nye hameawo ƒe dzidziɖedzi 50 le alafa me ɖe esiwo nɔ anyi esime woɖo asi dɔa dzi le October 1967 me dzi.