Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le September 7 vaseɖe December 21, 1998 ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui la ŋu le ɣeyiɣi si wona me ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.
[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamãe woyɔ o.]
Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:
1. “Amenuvevenunana” si ŋu woƒo nu tsoe le Timoteo II, 1:6 la tsi tre ɖi na aɖeyeyegbɔgblɔ ƒe ŋutete si wona Timoteo to Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ ɖe edzi me. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w85 5/1 axa 16 mm. 15 (Eʋegbe tɔ, 11/1, axa 13)]
2. Kristotɔ bibi ‘mlãa eƒe sidzeŋutetewo be wòate ŋu anya vovototo le nyui kple vɔ̃ dome’ ne wònaa Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze ɖesiaɖe si su esi zazã zu numãme nɛ. (Heb. 5:14) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w85 6/15 axa 9 mm. 7 (Eʋegbe tɔ, 12/1, axa 21)]
3. Togbɔ be woade Yehowa Ðasefowo agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ be wonye subɔsubɔha hã la, eɖe dzesi kɔte be menye ame aɖeke alo amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke gbɔe woxɔ mɔɖeɖe tsoe be woade ta agu le mɔ vavãtɔ nu o. [jv axa 696 mm. 1]
4. Biblia ŋlɔla Yakobo kee nye Yakobo si nye “apostoloawo kple hamemegãwo” ƒe nyanuɖela le ɣeyiɣi si me wonɔ ŋugble dem le aʋatsotso ƒe nya la ŋu. (Dɔw. 15:6, 13; Yak. 1:1) [si axa 248 mm. 2-3]
5. Togbɔ be Petro I, 5:13 gblɔ be Babilon ye Petro nɔ esime wòŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔ hã la, kpeɖodziwo ɖee fia be Roma yɔm wòle le bebeme be Babilon. [si axa 251 mm. 4]
6. Ame ɖeka ƒe nya gblɔm wole le Yohanes I, 2:18 be “Kristo ƒe futɔ la gbɔna.” [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ rs axa 32 mm. 3.]
7. Womeɖɔ masɔmasɔ si do mo ɖa le Paulo ƒe seselelãme ɖe Marko ŋu, si wogblɔ le Dɔwɔwɔwo 15:36-41 la ɖo gbeɖe o. [it-2 axa 320 mm. 4]
8. Woda Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖe nɔƒe mamlɛa le Biblia me, elabena eyae nye agbalẽ mamlɛtɔ si apostolo Yohanes ŋlɔ. [si axa 263 mm. 1]
9. Nyaɖeɖefia 13:11-15 ɖe alesi Anglo-Amerika Xexeme Ŋusẽa va nye Dukɔwo ƒe Nubabla la kple Dukɔ Ƒoƒuawo si va xɔ ɖe eteƒe ƒe megbenɔla kple agbenala vevitɔ fia eme kɔ nyuie. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w88 12/15 axa 19 mm. 3 (Eʋegbe tɔ, 12/1 axa 25).]
10. Sedede si woŋlɔ ɖe Yohanes 13:34 be míalɔ̃ mía nɔewo la nye “se yeye” elabena Mose ƒe Sea nye xoxo nɛ sasasã. [jv axa 711 mm. 3]
Ðo nyabiabia siwo gbɔna ŋu:
11. Be dzikpɔla naganye “ameƒola” o gɔme ɖe? (Tito 1:7) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w90 9/1 (w-EW Vol. 111, No. 17) axa 27 mm. 21.]
12. Aleke míewɔ nya be Loide kple Eunike siaae fia nu Timoteo tso Ŋɔŋlɔawo me? [it-2 axa 262 mm. 9]
13. Nukae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be, “Vɔsawo kple nunanawo mèdi o”? (Heb. 10:5) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w96-EW 7/1 axa 14 mm. 3.]
14. Aleke Kristotɔwo ate ŋu ‘aɖu xexeame dzii’? (Yoh. I, 5:3, 4) [si axa 258 mm. 12]
15. Nukae Petro ƒe nya si wògblɔ be ‘Yehowa ƒe ŋkekea nenɔ susu me na mí vevie’ la fia? (Pet. II, 3:12) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w97-EW 9/1 axa 19 mm. 2.]
16. Nukae wòbia be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me, eye aleke esia akpe ɖe ame ŋu wòakpɔ eƒe ƒomea tae? (Kor. II, 7:1) [fy-EW axa 46 mm. 14]
17. Le ɖekawɔwɔ me kple nya si le Nyaɖeɖefia 1:7 la, aleke amesiwo ƒo nu ɖe Yesu akpɔe ‘wòava kple alilikpowoe’? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w93-EW 5/1 axa 22 mm. 7.]
18. Aleke Kristotɔ siwo le ŋudzɔ la ‘akpɔ wo ɖokui dzi nyuie ahanɔ ŋudzɔe’? (Luka 21:34, 36) [jv axa 714 mm. 4]
19. Aleke amesiwo le Kristotɔwo ƒe habɔbɔ vavã ɖeka la me egbea wɔna kena ɖe Mawu ƒe Nya la ƒe gɔmesese vavãtɔ ŋu? [jv axa 708 mm. 3]
20. Ŋɔŋlɔawo me nudidi kawo gbɔe wòle be Kristotɔwo ƒe habɔbɔ vavãtɔ ɖeka kolia la naɖo le ŋkeke mamlɛawo me? [jv axa 706 mm. 3]
Ŋlɔ nya alo nyagbe siwo hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:
21. Ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ․․․․․․․․ wo nɔewo ŋu, eye woana wòanɔ susu me na wo be ․․․․․․․․ le vevie wu gotagome ƒe dzedzeme. [fy-EW axa 26 numetotoɖaka]
22. Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo ɖee fia be nu vovovo siwo wowɔna le ․․․․․․․․ te nye kpɔɖeŋu Mawu wɔ na nu gã siwo katã gbɔna eme va ge to ․․․․․․․․ dzi, si ahe Se la ava nuwuwui. [si axa 247 mm. 23]
23. Le Petro II, 1:5-8 la, apostolo Petro ɖo aɖaŋu be míatsɔ ․․․․․․․․ atu mawumenɔnɔme siwo akpe ɖe mía ŋu be míaganye ․․․․․․․․ alo ․․․․․․․․ o ɖo. [si axa 255 mm. 9]
24. Ne srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo le dze ɖom kple wo nɔewo la, woƒe ․․․․․․․․ kple ․․․․․․․․ le vevie. [fy-EW axa 36 mm. 21]
25. Yesu dada Maria tso ․․․․․․․․ toa me eye wònye Dawid ƒe dzidzimevi; to eyama dzi la, ․․․․․․․․ ƒe ŋusẽ le Yesu si be wòanɔ “fofoa Dawid ƒe fiazikpui” dzi. (Luka 1:32) [it-2 axa 346 mm. 4]
Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:
26. Le Paulo ƒe gamenɔɣi gbãtɔ me le Roma la, (Onesiforo; Onesimo; Onan), si nye subɔvi si si le (Filipo; Festo; Filimon) ƒe aƒeme la nɔ amesiwo ɖo to eƒe gbeƒãɖeɖea dome. [si axa 241 mm. 2]
27. Woɖe (Lɔlɔ̃; Bubu; Amedzrowɔwɔ) gɔme be “ame bubuwo ŋu bubu, kple bubu dede wo ŋu.” [fy-EW axa 30 mm. 7]
28. Le Luka 14:28 la, (ɖoɖowɔwɔ do ŋgɔ; ga zazã nyuie; asaƒoƒo na gadodo) ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. [fy-EW axa 40 mm. 4]
29. ‘Aƒetɔnyenye’ si ŋu woƒo nu tsoe le Yuda 8 fia (nɔƒe si le Yesu si; Yehowa ƒe fianyenye; tanyenye ƒe ɖoƒe si Mawu na amewo le Kristo-hamea me). [si axa 263 mm. 9]
30. “Ŋkeke etɔ̃ kple afã” si dze le Nyaɖeɖefia 11:11 si me amesiamina susɔeawo nɔ abe ame kukuwo ene le woƒe futɔwo ŋkume la nye (ƒe etɔ̃ kple afã; ɣeyiɣi kpui aɖe; ɣleti etɔ̃ kple afã). [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ re-EW axa 167 mm. 21.]
Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:
Lod. 8:30; Mat. 19:13-15; Heb. 2:1; Yak. 4:15; Pet. I, 3:4
31. Be míate ŋu anɔ te ɖe nyatakaka gbegblẽ siwo míesena tso xexe sia me ɣesiaɣi nu la, ele be “míalé to ɖe” Mawu ƒe Nya la “ŋuti geɖe wu” to alesi míasrɔ̃ nu nyuie kple Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo nyui si anɔ mía si la me. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w98-EW 1/1 axa 7 mm. 9.]
32. Ɣesiaɣi si míawɔ ɖoɖowo ɖe etsɔme ŋuti la, ele be míade ŋugble le alesi wowɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖowoe ŋu gbedodoɖatɔe. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w97-EW 11/15 axa 21 mm. 10-11.]
33. Srɔ̃nyɔnu kple vidada Kristotɔ si si “gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo” le mele srɔ̃a ɖeɖe dzaa ŋu dzem o, ke boŋ vevietɔ wu la, ele Mawu ŋu dzem. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w89 5/15 axa 19 mm. 12.]
34. Ne vifofo nyui asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu la, ele be wòadze agbagba ana ƒomedodo si me vividodoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ le naɖo wo kple via dome tso keke ɖevia ƒe vidzĩ me ke. [fy-EW axa 53 mm. 7]
35. Esi Yesu mekpɔ ame ŋkume le ɖeviwo yayra me o ta la, mele be woabui be ŋutsuviwo xɔ asi wu nyɔnuviwo o. [fy-EW axa 52 mm. 4]