INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/98 axa 3-4
  • Míegbɔ Akpe Blaade Ŋu!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míegbɔ Akpe Blaade Ŋu!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Tanya Suewo
  • Tu Wò Agbenɔnɔ Ðe Yehowa Subɔsubɔ Dzi
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 12/98 axa 3-4

Míegbɔ Akpe Blaade Ŋu!

Gbeƒãɖelawo ƒe Agbɔsɔsɔ Gbogbotɔ Yeye si nye 60,112 Ye Bu Akɔnta Tsɔ Wu Subɔsubɔƒea Nui

Ame “Akpe Blaade!” ye míeyɔ le July Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Gbeƒãɖela 60,112 siwo bu akɔnta le August me ye tso ɖe yɔyɔa ŋu. Esia fia be míedzi ɖe edzi ame 5,878 alo 10.8 le alafa me ɖe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si míekpɔ le August 1997 me dzi. Míele gbe dom ɖa be Yehowa nakpɔtɔ anɔ yayram ɖe míaƒe agbagbadzedze be míaɖe gbeƒã eƒe Fiaɖuƒea dzi.

Míele dzi dem ƒo na hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple gbeƒãɖelawo katã be woade ŋugble le agbagba siwo míedze hafi ɖo taɖodzinu sia gbɔ ŋu. Gbeƒãɖela akpe blaade kple edzivɔa le mía dome le hameawo me xoxo. Eye zi alesi míeyi edzi le subɔsubɔdɔ tseku wɔm ko la, ame bubu geɖe agava kpee ɣleti ɖesiaɖe. Gake ɖoɖo nyui wɔwɔ ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu, kpakple kpekpe ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe le afisi wòhiã le la le vevie hena ŋgɔyiyi geɖe wɔwɔ. Míele Yehowa sinu kpɔm hena eƒe yayra si le vevie wu ɖesiaɖe bene dzidziɖedzia nayi edzi nenema.—Kor. I, 3:7.

Ne hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo—vevietɔ amesiwo nye Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo—kpakple gbeƒãɖela bubu siwo tsi le gbɔgbɔ me hekpe ɖe mɔɖelawo ŋu yi agbagba tɔxɛ si wodze le August me dzi la, Yehowa ƒe yayra adze godoo le alesi gbeƒãɖelawo anɔ dzidzim ɖe edzii me. Ɣeaɖewoɣi nusi hiã koe nye ŋkuɖoɖonudziname le tufafa me be woakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me kple ɖewohĩ ŋkuɖodzi bubu be woatsɔ akɔntabubu ana. Míagaɖo aɖaŋu bubuwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me be woakpe ɖe mía ŋu míadzi míaƒe dɔwɔna ɖe edzi ale be míakpɔ dzidzɔ geɖe ne míekpɔ viɖe nyui siwo anɔ dodom tso míaƒe agbagbadzedzewo me.

Tu Wò Agbenɔnɔ Ðe Yehowa Subɔsubɔ Dzi

1 Yesu tsɔ amesiwo sea eƒe nya sɔ kple xɔtula ƒomevi eve. Ðeka tu eƒe agbenɔnɔ ɖe toɖoɖo Kristo si le abe kpe gbadza ene dzi ale be ete ŋu nɔ te ɖe tsitretsiɖeŋu kple xaxa siwo le abe ahom ene nu. Ame evelia tu etɔ ɖe tomaɖomaɖo ɖokuitɔdiditɔe si le abe ke ene dzi eye mete ŋu nɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siwo va nu o. (Mat. 7:24-27) Esi míele nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi sia me ta la, míedoa go xaxa geɖe siwo le abe ahom ene. Míekpɔe be xaxa gã la ƒe tsizi le dodom kple du ŋɔdzitɔe. Ðe míate ŋu ado dzi vaseɖe nuwuwu eye míaƒe xɔse nakpɔtɔ ali kea? (Mat. 24:3, 13, 21) Nya la ƒe akpa gãtɔ nɔ te ɖe alesi míele míaƒe agbenɔnɔ tum ɖo fifia dzi. Eyata ehiã kpata be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe mele nye Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ tum ɖo ɖe Mawu subɔsubɔ toɖoɖotɔe dzia?’

2 Nukae wòfia be míatu míaƒe agbenɔnɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ dzi? Efia be Yehowa nanye ame vevitɔ le míaƒe agbe me. Efia hã be míana Fiaɖuƒea nanye nu vevitɔ si ŋu míanɔ bubum. Ebia be míaɖo to Mawu le míaƒe gbesiagbenuwɔnawo me. Ebia hã be míatsɔ dzi blibo awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃, ƒomenusɔsrɔ̃, kple hamea ƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ kpakple gbeadzisubɔsubɔdɔa, eye míabu nusiawo míaƒe nu vevitɔwoe. (Nyagb. 12:13; Mat. 6:33) Nuwɔwɔ le toɖoɖo me alea ɣesiaɣi ana be míaƒe xɔse nasesẽ ahali ke eye maʋã ne xaxa siwo le abe ahom ene tu o.

3 Edzɔa dzi na mí be ame miliɔn geɖe le woƒe agbenɔnɔ kple etsɔme mɔkpɔkpɔwo tum ɖo ɖe Mawu subɔsubɔ dzi, abe alesi Yesu wɔe ene. (Yoh. 4:34) Wowɔna ɖe ɖoɖowɔɖi si li na teokrasidɔwo dzi ɣesiaɣi eye eɖea vi geɖe na wo. Vidada aɖe gblɔ alesi wo kple srɔ̃a wonyi wo viŋutsu eve dzidzedzetɔe bene woasubɔ Yehowa be: “Míena nyateƒea xɔ míaƒe agbenɔnɔ me—míedea takpekpeawo katã, míedzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu eye míedena, eye míena gbeadzisubɔsubɔdɔ nye nusi míewɔna ɖaa le míaƒe agbe me.” Srɔ̃aŋutsua gblɔ kpee be: “Nyateƒea menye míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe o, eyae nye míaƒe agbenɔnɔ. Nu bubu ɖesiaɖe nɔ te ɖe edzi.” Ðe wò hã nètsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le wò ƒomea me nenemaa?

4 Wɔ Kwasiɖa sia Kwasiɖa ƒe Ðoɖowɔɖi si Dzi Anya Wɔ: Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ kpekpe atɔ̃ ƒe ɖoɖo na mí le kwasiɖaa me ale be ekpena ɖe mía ŋu míezɔna ɖe gbɔgbɔmeɖoɖo nyui dzi. Kristotɔ siwo le woƒe agbenɔnɔ tum ɖo ɖe Yehowa subɔsubɔ dzi wɔa ɖoɖo ɖe woƒe ŋutilãmedɔwo kple ƒomea me tɔwo ŋu ale be wote ŋu dea kpekpe vevi siawo. Womeɖea mɔ nu bubu siwo le tsɛ wu doa kplamatse woƒe kpekpewo dede edziedzi o.—Fil. 1:10; Heb. 10:25.

5 Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me kpɔe dze sii be alesi wòhiã be woaɖu nu ɣesiaɣi le ga aɖewo me le ŋkeke mee la, nenema ke wòle vevie ŋutɔ be woawɔ ɖoɖo koŋ na ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ƒomenusɔsrɔ̃, kpakple dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋui. (Mat. 4:4) Ðe nàte ŋu aɖo aɖabaƒoƒo 15 alo 20 ɖi gbesiagbe na ɖokuisinusɔsrɔ̃a? Nusi ana wòadze edzie nye be màgana nu bubuwo nava xɔ ɣeyiɣi si nèɖo ɖi na nusɔsrɔ̃ o. Na wòazu numãme nyui aɖe na wò. Ðewohĩ abia be nàfɔ kaba wu alesi nèfɔna fifia le ŋdi me. Betel-ƒomea me tɔ 17,000 siwo le xexeame godoo fɔna kaba le ŋdi me dzroa ŋkekea ƒe mawunyakpukpui me. Gake fɔfɔ kaba bia be nàmlɔ anyi le ga si sɔ me le zã me bene nàte ŋu aɖi ɖe eme afɔ sesĩe le ŋufɔke.

6 Ne ƒome ƒe tae nènye la, gbã, de ŋugble le ƒomea ƒe teokrasidɔwo ŋu nàwɔ ɖoɖo ɖe wo ŋu. Ƒome aɖewo xlẽa Biblia, Yearbook, alo agbalẽ bubu ɖekae esime wole ɖiɖim ɖe eme le fiẽnuɖuɖu vɔ megbe. Dzila geɖe siwo kpɔe be yewo viwo tsi zu Kristotɔ siwo sẽ ŋu le gbɔgbɔ me la gblɔ be nu ɖeka si na yewokpɔ dzidzedzee nye alesi wònye ƒomea ƒe kɔ be yewoɖo fiẽ aɖe ɖi le kwasiɖa la me si me yewoƒoa ƒu kpɔa gome le gbɔgbɔmenu tuameɖo aɖe wɔwɔ me. Vifofo siawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ewɔ nam be nusiwo na mía viwo tsi le gbɔgbɔ me ƒe akpa gãtɔ tso Kuɖa fiẽ ƒe ƒomenusɔsrɔ̃ si míewɔna ɣesiaɣi, si gɔme míedze anɔ ƒe 30 enye si va yi la gbɔ.” Ðevimee vi etɔ̃awo katã xɔ nyɔnyrɔ le, eye emegbe wo ame etɔ̃a katã woge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Tsɔ kpe ɖe ƒomenusɔsrɔ̃a ŋu la, woate ŋu awɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe ɖaseɖiɖimɔnu aɖe alo kpekpea ƒe akpa aɖe ƒe wɔwɔfia eye woate ŋu akpɔ gome le nu tuameɖo bubuwo me ɖekae.

7 ‘ȃle ɣeyiɣi’ le wò kwasiɖa ƒe ɖoɖowɔɖia me na gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea? (Kol. 4:5) Ƒome kple hamea me gbanɔamedziwo li míetsɔna si na be vovo menɔa mía dometɔ akpa gãtɔ ŋu o. Ne míewɔ ɖoɖo koŋ na gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa kwasiɖa sia kwasiɖa o la, anɔ bɔbɔe be nu bubuwo naxe mɔ na dɔ vevi sia wɔwɔ. Ame aɖe si si nyikpo gã aɖe le gblɔ be: “Anye ƒe 1944 mee mekpɔe be nusi ko mawɔ akpɔ gome le subɔsubɔdɔa mee nye be maɖo ŋkeke aɖe koŋ ɖi na ewɔwɔ. Vaseɖe egbe la, meɖea ŋkeke ɖeka le kwasiɖaa me ɖi na gbeadziyiyi.” Kristotɔ hamemegã aɖe kpɔe be ɖoɖowɔwɔ koŋ na ɖaseɖiɖi kpe ɖe ye ŋu be yeɖea gbeƒã gaƒoƒo 15 le mamã dedie nu ɣleti ɖesiaɖe. Ne ŋutilãmedɔ aɖe li wòawɔ le Memleɖagbe la, ewɔa ɖoɖo be yeawɔe ne wòde gbeadzi le ŋdi me vɔ megbe. Ðe mia kple wò ƒomea miate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe ŋkeke ɖeka teti ŋu le kwasiɖaa me na gbeadziyiyi, ana nusia wɔwɔ nanye miaƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ ƒe akpa aɖea?—Fil. 3:16.

8 Dzro Wò Gbesiagbegbenɔnɔ Me Kpɔ: Nanewo li xea mɔ na mí ne míebe míatu míaƒe agbenɔnɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ dzi. Nuɖiɖeamewo ate ŋu ado kplamatse ɖoɖowɔɖi si míede ŋugble wɔ na nusɔsrɔ̃, kpekpewo, kple gbeadziyiyi. Eye míaƒe Adikãtɔ, Satana, awɔ nusianu si wòate ŋui be ‘yeaxe mɔ na mí’ ahagblẽ míaƒe ɖoɖowo me. (Tes. I, 2:18; Ef. 6:12, 13) Mègana kplamatsedonu siawo naɖe dzi le ƒowò ale be nàna ta o. Wɔ asitɔtrɔ ɖesiaɖe si hiã bene nàwɔ teokrasidɔ si nèɖo be yeawɔ. Tameɖoɖo kplikpaa kple veviedodo hiã hafi woate ŋu awɔ nusi ŋu asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ le.

9 Mele be míaɖe mɔ be xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo kple míaƒe ŋutilã madebliboa ƒe fuɖenamewo naɖo dɔ siwo menye gbɔgbɔmetɔwo o na mí be woava nɔ míaƒe ɣeyiɣi kple susu xɔm geɖe wu o. Ðokuimedzodzro hiã, eye míate ŋu abia nya siawo: ‘Vivivi la, ɖe nye agbenɔnɔ megava da sɔ o alo ewɔ abe ɖe nye susu trɔ ɖe nu bubuwo ŋu enea? Ðe meva le nye agbenɔnɔ tum ɖe xexe sia me nu siwo nu ava yi dzia? (Yoh. I, 2:15-17) Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae mezãna ɖe nye ŋutɔ nye nudidiwo, tsaɖimɔzɔzɔ, kamedefefewo, alo modzakaɖeɖe bubu—siwo dome television kpɔkpɔ alo nyadidi le Internet dzi hã le—ŋu, ne metsɔe sɔ kple ɣeyiɣi si mezãna ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu?’

10 Ne èdze sii be nuwɔna siwo mele vevie boo o va le agbɔ sɔm ɖe yeƒe agbe me la, nukae wòle be nàwɔ? Abe alesi Paulo do gbe ɖa be ‘woaɖɔ’ ye nɔviwo ‘ɖo,’ alo be ‘woagada wo ɖe mɔ dzi’ ene la, nukatae màƒo koko na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàgatrɔ susu ɖe eƒe subɔsubɔ ŋu ake o? (Kor. II, 13:9, 11, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.) Emegbe nàɖoe kplikpaa be yeanɔ agbe ɖe nusi yeɖo nu ahawɔ asitɔtrɔ siwo hiã. (Kor. I, 9:26, 27) Yehowa akpe ɖe ŋuwò be màgatrɔ ɖe miame loo alo ɖusime le esubɔsubɔ toɖoɖotɔe me o.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 30:20, 21.

11 Biã Ŋku Ðe Mawu ƒe Dzidzɔdɔa Ŋu: Ame miliɔn geɖe dagbana nɔa dzidzɔkpɔkpɔ dim eye ne woƒe agbenɔƒewo le vɔvɔm hafi wokpɔnɛ be ŋutilãmenu siwo yome yewotsɔ dzitsitsi nɔ la mehe dzidzɔ mavɔ vɛ na yewo o. Ezua “dagbadagba ɖe ya me.” (Nyagb. 2:11) Noa ŋɔli me tɔ siwo mexɔe se be tsi aɖɔ axɔ anyigba katã dzi o la ‘menɔ ŋudzɔ o,’ eye woawo ŋutɔ ƒe nudidiwo—nuɖuɖu, nunono, kple srɔ̃ɖeɖe—ŋue wobiã ŋku ɖo vaseɖe esime tsiɖɔɖɔa ‘va kplɔ wo katã yii.’ (Mat. 24:37-39) Toɖoɖo kple xɔse ƒe agbenɔnɔ si tum míele ɖo fifia nye gɔmedzedze ko na agbe si míava nɔ tegbetegbe le mía Mawu kpɔdzidzɔ la ƒe subɔsubɔ si me dzidzɔ le la me!—Tim. I, 1:11; 6:19.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe