Mizã Agbalẽ Xoxowo Nyuie
1 Amegbetɔ dzra agbalẽ xoxo miliɔn geɖe ɖo ɖe agbalẽdzraɖoƒewo le anyigba la ƒe akpa ɖesiaɖe. Gake viɖe mavɔ kae wonye na ameƒomea? (Nyagb. 12:12) Agbalẽ siwo ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe kple nusi wòawɔ na ameƒomea ŋu gaɖea vi sã wu. Agbalẽ ma tɔgbe vovovo siwo wota do ŋgɔ na ƒe 1985 le hame akpa gãtɔ si. Le January me la, míana agbalẽ xoxo siawo amewo.
2 Asixɔxɔ Ŋutɔŋutɔ Le Wo Ŋu: Togbɔ be mía dometɔ geɖe abui be agbalẽ siawo do xoxo ne wotsɔ wo sɔ kple agbalẽ yeye siwo le mía si hã la, ele be míaɖo ŋku edzi be Ŋɔŋlɔawo me nyateƒee le wo me. Fiaɖuƒe gbedasi siwo me woɖe la ganye nu xɔasi egbea eye, ne míewɔ wo dzi la, ate ŋu axɔ mí ɖe agbe. (Yoh. 17:3) Eyata ele be míadze agbagba geɖe wu awɔ agbalẽ siawo ŋudɔ nyuie.
3 Nyɔnu aɖe si nyi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ gbogbo aɖewo ƒe dome tso mamaa gbɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖo kpe woƒe asixɔxɔ dzi. Ðasefo aɖe bia nyɔnua se be enya asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ si le agbalẽawo ŋu hã. Nyɔnua ɖo eŋu be: “Nyemenya asixɔxɔ si le wo ŋu o, evɔ ɖe, aleke mawɔ anya?” Nyɔnua lɔ̃ wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii wòva xɔ nyateƒea, eye emegbe ede asixɔxɔ mamaa ƒe agbalẽ siwo wòdzra ɖo la ŋu. Domenyinu xɔasi ka gbegbee nye si agbalẽ xoxo gbogbo ma va nye!
4 Mimã Wo: Tsɔ kpe ɖe agbalẽ xoxoawo mamã tso aƒeme yi aƒeme ŋu la, mikpɔ egbɔ be yewona wo ne mietrɔ yi amesiwo mienya be míaƒe agbalẽwo xexlẽ doa dzidzɔ na kple amesiwo wɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ siwo le miaƒe magazine ƒe ademɔ dzi gbɔ. Le amesiwo miele Biblia srɔ̃m kplii gome la, agbalẽ xoxo tiatia aɖewo ate ŋu ana sidzedze nyui si ana woƒe nyateƒea gɔmesese nade to la nasu wo si. Mègaŋlɔ agbalẽ xoxo siwo mele wò ŋutɔ asiwò o la xɔxɔ be o. Ne èwɔe alea la, àɖo teokrasigbalẽdzraɖoƒe xɔasi na ɖokuiwò si nàte ŋu azã le wò ŋutɔ wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ me.
5 Le esi teƒe be míali kɔ míaƒe agbalẽ xoxowo ɖi la, mína míazã wo nyuie atsɔ ade dzi ƒo na amesiwo míedoa goe be ‘woavɔ̃ Mawu vavã la, eye woalé eƒe sewo me ɖe asi.’—Nyagb. 12:13.