Mizã Wo Tsɔ Wu Be Miatsɔ Wo Akɔ Ðe Nudzraɖoƒe
Míaƒe agbalẽ xoxowo li kɔ ɖe hame geɖewo me. Ðe manyo be nàxɔ agbalẽ mawo ƒe ɖewo ade wò ŋutɔ wò teokrasigbalẽdzraɖoƒe oa? Nyateƒee, anɔ eme be àkpɔ agbalẽ xoxo siawo me nyawo le Watchtower Library dzi ya. Gake eɖea vi geɖe ne agbalẽawo ŋutɔ hã le asiwò. Ðe nèle nu srɔ̃m kple Biblia nusrɔ̃vi aɖe si le ŋgɔyiyi wɔma? Ke de dzi ƒo nɛ be wòaxɔ agbalẽ xoxo siawo eye wòadze eya ŋutɔ ƒe agbalẽdzraɖoƒe ɖoɖo anyi gɔme. Ele be Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔlaa nakpɔ egbɔ be agbalẽ xoxo siwo le hamea si la dometɔ ɖe sia ɖe le agbalẽdzraɖoƒe si le Fiaɖuƒe Akpata me. Asixɔxɔ gakpɔtɔ le agbalẽ siawo ŋu kokoko. Anyo wu be míazã wo tsɔ wu be miatsɔ wo akɔ ɖe hamea ƒe nudzraɖoƒe!