Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le March me: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛe adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ gɔme. April Kple May: Míawɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo. Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza nenɔ mía ŋu na ɖetsɔlemetɔwo, eye míadze agbagba adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kpli wo. June: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me.
◼ Gbeƒãɖela siwo di be yewoazu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo le April kple May me nawɔ ɖoɖo fifia atsɔ woƒe dɔbiagbalẽvi ana kaba. Esia akpe ɖe hamemegãwo ŋu woawɔ gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo siwo hiã eye woana magazine kple agbalẽ bubuwo nanɔ anyi. Ele be woayɔ amesiwo katã dzi woda asi ɖo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ŋkɔ na hamea.
◼ Zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le March 1 dzi alo le emegbe kpuie. Miɖe gbeƒã tso eŋu na hamea ne miewɔe vɔ.
◼ Woaɖu Ŋkuɖodzia le Yawoɖa, April 1, 1999, dzi. Ne miaƒe hamea wɔa kpekpewo Yawoɖagbe la, ke miwɔ kpekpe siawo le kwasiɖaa ƒe ŋkeke bubu dzi ne Fiaɖuƒe Akpata la me vo. Nenye be esia manya wɔ o eye wòado kplamatse miaƒe Subɔsubɔ Kpekpea la, miate ŋu ade kpekpe sia ƒe akpa siwo ka miaƒe hamea vevie Subɔsubɔ Kpekpe bubu me. Le wɔna la ƒe vevienyenye ta la, ne hamemegãwo ƒe ha la le Ŋkuɖodzia ƒe nuƒola tiam la, ele be woatia hamemegã siwo bi wu la dometɔ ɖeka tsɔ wu be woanɔ eƒom ɖe wo nɔewo yome, eye woagazã nɔvi ɖeka ma ke ƒe sia ƒe o. Gake ne hamemegã bibi aɖe si nye amesiamina, si ate ŋu ana nuƒoa li la, eya nanɛ.
◼ Ele be amesiwo le hamea me naɖo Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ yeye kple esiwo wogbugbɔ le dɔdɔm, kpakple woa ŋutɔwo ƒe nudɔdɔwo katã ɖa to hamea dzi.
◼ Habɔbɔa mewɔa dɔ le gbeƒãɖela ɖekaɖekawo ƒe agbalẽnudɔdɔwo ŋu o. Dzikpɔla zimenɔla nana woaɖe gbeƒãe ɣleti ɖesiaɖe do ŋgɔ hafi woatsɔ ɣleti ɖesiaɖe ƒe agbalẽnudɔdɔ si hamea wɔna la aɖo ɖe Habɔbɔa ale be amesiwo katã di be yewoadɔ agbalẽ si woa ŋutɔwo woazã la nagblɔe na agbalẽdzikpɔla. Taflatse agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo tɔxɛ le nenɔ susu me na mi.
◼ Míele ŋku ɖom edzi na nɔviwo be womegaƒo ka siwo meku ɖe Habɔbɔa ƒe dɔ ŋu na nɔviwo le Betel le ŋdi ga 7:00 kple 7:30 domee o. Ɣeyiɣi siae wodzroa mawunyakpukpuia me le Betel. Ne anya wɔ la migaƒo ka na Betel ƒomea me tɔwo le dɔwɔɣiwo o. Ne ehiã kokoko be nàƒo ka la, taflatse na wò dzeɖoɖoa nanɔ kpuie. Míakpɔ ŋudzedze ŋutɔ ɖe miaƒe dɔwɔwɔ aduadu kpli mí le go sia me ŋu.
◼ Wode dzesii be ne nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo le Betel sram kpɔ la, wodoa awu ɖewoɖewoe wògbɔa eme akpa. Awudodo nenema mesɔ ne míeyina Betel kpɔ ge ɖa o. Esi ŋkɔ Betel gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe” ta, wodi tso fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo tso didiƒe kple kpuiƒe siaa siwo ava srã Betel ƒomea kpɔ la si be woadzra ɖo nyuie. Ele be míaƒe awudodo, dzadzraɖo, kple nɔnɔme nanɔ abe nusi wodi tso mía si ne míeyina kpekpewo hena tadedeagu le Fiaɖuƒe Akpata me.
◼ Videokaset Yeye Si Li:
Noah—He Walked With God—Eŋlisigbe