INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/99 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 1
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 8
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 15
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 22
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 29
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 3/99 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 1

Hadzidzi 33

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

17 min: “Kristo ƒe Ku ƒe Ŋkuɖodzizã Ðuɖu le Xexeame Katã.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. De February 1, 1997 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 11-12, memamã 10-14 me numeɖeɖewo eme. Te gbe ɖe alesi lɔlɔ̃ gã si le Yehowa si ʋãe wòwɔ ɖoɖo wona tafea ɖe mía ta la dzi.

20 min: Susu siwo ta wòhiã vevie be míawɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa le April kple May me. Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo si me wòadzro nu me kple nyaselawo le, wòade dzi ƒo na amesiame be wòade ŋugble le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu vevie. Dzro asitɔtrɔ si wowɔ le gaƒoƒonudidia ŋu na gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo, si dze le January 1999 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 7. Ele be tɔtrɔ sia nakpe ɖe ame bubu geɖe ŋu be woase vivi na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe mɔnukpɔkpɔa. Ðe alesi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Kristo ƒe vɔsaa ŋu ʋãa mí be míado vevie nu le gbeƒãɖeɖe na ame bubuwo me la me. (Kor. II, 5:14, 15) Ŋkuɖodzia dze April ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le ƒe sia me. Ameʋãnu nyui kae nye si wònye na Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo katã be woaɖo ɣleti bliboa ɖi na subɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi! Dzro February 1997 kple March 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽviawo me nya vevi tiatia aɖewo me le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu. Ƒo nu tso alesi woatrɔ asi le kpɔɖeŋuɖoɖowɔɖi si wona ŋu wòasɔ na mi ŋu. Ƒo nu tso gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo siwo miewɔ le mia gbɔ si ana woakpɔ mɔnu geɖe awɔ subɔsubɔdɔa kple ame bubuwo ŋu. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woaxɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe dɔbiagbalẽviwo le kpakpã megbe.

Hadzidzi 44 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 8

Hadzidzi 52

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

20 min: “Mikpe Wo be Woava.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Te gbe ɖe alesi wòhiã ɣesiaɣi be míagblɔ na ɖetsɔlemetɔ yeyewo be woava hamea ƒe kpekpewoe dzi. Zã Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 159, memamã 20 lia, kple axa 161-3, memamã 5-8 nàtsɔ awɔ numedzodzro kple ɖetsɔlemetɔ ƒe wɔwɔfiae. De dzi ƒo na amesiame be wòadze agbagba etɔxɛe akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo ŋu be woava Ŋkuɖodzia le April 1 dzi. Tsɔ amekpegbalẽvia ɖeka fia, eye nàɖe alesi woate ŋu azãe nyuie me. Amesiame nadze Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviwo mamã gɔme le kwasiɖa sia me.

15 min: “Alesi Ƒomea Awɔ Nu Ðekae Ahakpɔ Gome Bliboe—Le Hame ƒe Kpekpewo Me.” Ƒome aɖe me tɔwo ƒe numedzodzro. Ne wole nu ƒom tso nya vevi siwo le nyatia me ŋu la, woadzro alesi ƒomea ate ŋu adzra ɖo ɖe kpekpewo ŋui me. Woadzro mɔ siwo dzi woato ate ŋu akpe ɖe wo nɔewo ŋu be woakpɔ gome le kpekpeawo me, kple nusi wòle be woawɔ be woava ɖo ɖe game dzi me.

Hadzidzi 62 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 15

Hadzidzi 56

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro “Ne Nutome Sue Dzikpɔla Va Srã Mi Kpɔ” me.

15 min: “Subɔsubɔdɔwɔlawo Naa Kpekpeɖeŋu Vevi Aɖe.” Subɔsubɔdɔwɔla bibi ƒe nuƒo. Dzro nyati vevi siwo ŋu Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa, axa 57-9 ƒo nu tsoe me. Ðe alesi wozãa subɔsubɔdɔwɔlawo le mia gbɔ wokpena ɖe hamea ŋu me.

20 min: Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe 1999 Yearbook ŋu. Atsu kple asi ƒe numedzodzro. Srɔ̃ŋutsua naɖe eme be ƒe 1927 mee wota Yearbook zi gbãtɔ wònye agbalẽ eye be ƒe 70 kple edzivɔe nye esia si Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe akɔntabubu dzena le eme. Woadzro “1998 Grand Totals” me le axa 31. Emegbe woadzro “A Letter From the Governing Body,” (Lɛta si tso Dziɖuha Gbɔ) me le axa 3-5 me, eye woaƒo nu tso alesi woatsɔ aɖaŋu si woɖo la awɔ dɔe ŋu.

Hadzidzi 68 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 22

Hadzidzi 162

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðe gbeƒã amesiwo awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me ƒe ŋkɔwo. Ðe eme be metsi megbe akpa be woatsɔ dɔbiagbalẽ ana o. Gblɔ ɖoɖo siwo katã miewɔ na subɔsubɔdɔa wɔwɔ le April me. De dzi ƒo na amesiame be wòazɔ ɖe ɖoɖowɔɖi si wowɔ na Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽa le March 27–April 1, si dze le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—1999, kple 1999 Calendar me la dzi.

15 min: Dzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu. Nuƒo. Amesiame nawɔ ɖoɖo akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo ŋu be woava Ŋkuɖodzia. Ðewohĩ vavala yeyewo manya amesi ate ŋu aɖu ŋkuɖodzinuawo alo nusi azã sia ɖuɖu fia o. Dzro nya si wogblɔ le April 1, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 6-8 me, eye nàɖe alesi míate ŋu akpe ɖe ɖetsɔlemetɔ yeye ŋu be wòase tameɖoɖo si le azã sia ɖuɖu ŋu gɔme. Dzro “Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo” kple ɖoɖo siwo miewɔ na Ŋkuɖodzia ɖuɖu le mia gbɔ me tsɔ ƒo etae.

20 min: Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku? Hamemegã nadzro asixɔxɔ si le agbalẽ gbadza la ŋu kple alesi míazãe me kple gbeƒãɖela bibi ɖeka alo eve. Míeva nya agbalẽ gbadza sia me nyawo nyuie esi míesrɔ̃e le Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me. Ðe míele eŋudɔ wɔm nyuie le gbeadzia? Numedzrolaawo nadzro nya siwo gbɔna me: Nukatae ame geɖe tsɔ ɖe le nyati sia me? Mɔkpɔkpɔ ka ŋue wòƒo nu tsoe si to vovo na alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo? Aleke míate ŋu azã nyabiabia siwo le megbekpaa dzi anyɔ ɖetsɔlemee? Agbalẽ gbadza sia nana ƒe mɔnukpɔkpɔ kawoe li? Zã mawunyakpukpui siwo le axa 27 ƒe memamã 14 lia tsɔ wɔ alesi woanae fia. De dzi ƒo na amesiame be wòanɔ ŋudzɔ awɔ agbalẽ gbadza sia ŋudɔ nyuie.

Hadzidzi 92 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 29

Hadzidzi 111

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ March ƒe gbeadzikɔntabubu ana. Míadɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! na amewo le April me. Tsɔ magazine ƒe tata yeyewo fia, yɔ nyati siwo ŋu míate ŋu aƒo nu tsoe, eye nàƒo nu tso nya tɔxɛ aɖewo siwo ŋu woate ŋu aɖo dze tsoe ŋu. Amesiame natsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza ɖe asi eye wòazãe atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee kple ɖetsɔlemetɔwo.

15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

18 min: Aleke Wòle Be Míawɔ Nu Ðe Aɖaŋuɖoɖo Ŋu? Hamemegã ƒe nuƒo. Mí katã míehiã aɖaŋuɖoɖo le míaƒe nuwɔna, agbenɔnɔ, hadede, alo gomekpɔkpɔ le hamea me dɔwɔnawo me ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, ewɔna na mí be míagbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ alo míado dziku. Aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ faa ahawɔ ɖe edzi ate ŋu anɔ vevie na míaƒe nyonyo le gbɔgbɔ me. Dzro susu vevi siwo ɖo kpe nusiwo ta wòle be míaxɔ aɖaŋuɖoɖo ahakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu me.—Kpɔ April 1, 1987 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 27-30.

Hadzidzi 118 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe