INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/99 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 9/99 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le September me: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. October: Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwɔwɔ. November: Nukae Mawu Di tso Mía Si? alo Sidzedze Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. December: Sidzedze Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me kple New World Translation Biblia.

◼ Àte ŋu ado go tokunɔ le gbeadzi. Ne tokunɔ gbe dolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le miaƒe nutoa me la, ele be nàwɔ ɖe mɔfiame si wona le Habɔbɔa ƒe lɛta si wòŋlɔ na hamewo katã le December 15, 1998 dzi la dzi. Eɖe nu me be: “Mizã ‘Please Follow Up’ (Taflatse Mitrɔ Yi Wo Gbɔ) ƒe agbalẽvia aŋlɔ gbe bubu dolawo, tokunɔ gbe dolawo hã le eme, ƒe ŋkɔwo, woɖale miaƒe anyigbamama me alo womele eme o. Ne míagblɔe gbadza la, ele be woawɔe nenema ne amea metsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me o gɔ̃ hã. . . . Ne miekpe ‘Please Follow Up’ gbalẽvia ɖo vɔ la, ele be miatsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla tẽ alo adae ɖe aɖaka si me wodaa gbeadzikɔntabubuwo ɖo le Fiaɖuƒe Akpata me.” Ne gbeƒãɖela ɖesiaɖe le ŋudzɔ be yeawɔ nu aduadu le nya sia me la, tokunɔ ƒuƒoƒowo ate ŋu ade dzesi tokunɔ siwo katã le woƒe nutoa me.

◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gankɔntawo me le September 1 dzi alo emegbe kpuie. Ne mieto eme vɔ la, miɖe gbeƒãe na hamea ne miexlẽ hamea ƒe gakɔnta si ava ɖe eyome vɔ.

◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamemegãwo be woawɔ ɖe mɔfiame siwo wona le April 15, 1991, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, alo Eʋegbe tɔ, Vol. 112, No. 8, ƒe axa 21-3 ku ɖe amesiwo woɖe le hame alo ɖe wo ɖokui le hame siwo adi be woagaxɔ yewo ŋu la dzi.

◼ Ehiã be ne amesiwo ade 20 alo wu nenema di be yewoava srã Betel kpɔ la, woado ŋgɔ aŋlɔ agbalẽ ana míanya ame xexlẽmea kple ŋkekea. Tsaɖiɖi le Accra Betel xɔa gaƒoƒo eve ne wotsɔ ɣeyiɣi si wotsɔ ɖea video na ameha si sɔ gbɔ la kpee. Eyata ne miele ɖoɖo wɔm ɖe sasrãkpɔ ŋu la, nenɔ susu me na mi be Betel ƒe dɔwɔɣiwoe nye: Ŋdi ga 8:00 vaseɖe ŋdɔ ga 12:00 kple ŋdɔ ga 1:15 vaseɖe ɣetrɔ ga 5:10. Le Memleɖagbewo la, enyea ŋdi ga 8:00 vaseɖe ŋdɔ ga 12:00.

◼ Amesiwo le hameawo me natsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ yeyewo kple esiwo wogbugbɔ le dɔdɔm katã kpakple woawo ŋutɔ ƒe nudɔdɔwo ato hamea dzi.

◼ Habɔbɔa meɖoa agbalẽnudɔdɔwo ɖe gbeƒãɖela ɖekaɖekawo o. Dzikpɔla zimenɔla nawɔ ɖoɖo ne woaɖe gbeƒã dzinu ɖesiaɖe do ŋgɔ hafi hamea naɖo eƒe agbalẽnudɔdɔ ɖe Habɔbɔa ale be amesiame si hiã na agbalẽ aɖe nagblɔe na nɔvi si kpɔa agbalẽwo dzi. Taflatse agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo le nenɔ susu me na mi.

◼ Woyra amesiwo katã de ƒe 1998 “Mawu Ƒe Agbemɔ” Nutome Gã kple Dukɔwo Dome takpekpe siwo míewɔ va yi la vavã. Amesiwo de la dometɔ 2,764 nye dutanyanyuigblɔla kple dukɔwo dome dɔwɔla siwo te ŋu yi wo denyigba dzi to kpekpeɖeŋu si woxɔ tso hameawo ƒe nudzɔdzɔ dɔmenyotɔe me. Míekpɔ ŋudzedze ŋutɔ ɖe alesi miekpe asi ɖe ɖoɖo sia ŋui la ŋuti. Esi míewu takpekpe siawo nu la, míatsɔ ga siwo miedzɔ ɖe taɖodzinu sia ta ado alɔ xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔae.

◼ Videokasɛt Siwo Gali:

Jehovah’s Witnesses The Organization Behind The Name​—Eŋlisigbe

◼ Tso September 1, 1999 dzi la, woadze Gbetakpɔxɔ tata gɔme le Kazakhgbe me dzinu sia dzinu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe