INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/99 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzra Ðo Fifia Ðe Lãmesẽnya Siwo Ate Ŋu Ado Mo Ða Kpata Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nya Kae Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Ènya Dɔdamɔnu Siwo Nàtia La Nyuiea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 9/99 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Èdzra ɖo ɖe nuɖiɖeamewo ŋua?

Le míaƒe egbexexeame la, ‘azãgbe kple nuɖiɖeamewo’ wɔnɛ be zi geɖe la atikewɔnyawo va ɖina ɖe ame, eye ehea nyaƒoɖeamenu be woado ʋu na ame hã vanɛ. (Nyagb. 9:11) Be míate ŋu adzra ɖo ɖe nuɖiɖeame mawo ŋu la, Yehowa na kpekpeɖeŋu geɖe to eƒe habɔbɔa dzi, gake ekpɔa mɔ be míawɔ mía tɔ sinua. Nusiwo ŋu wòle be nàlé ŋku ɖo enye esiwo gbɔna.

• Ƒea ƒe ʋumadogbalẽvi si nye “Advance Medical Directive/Release” nenɔ ŋuwò ɣesiaɣi.

• Kpɔ egbɔ be ƒea ƒe dzesidegbalẽvia le viwòwo ŋu.

• Dzro January 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi me, nàto eme anya alesi nàdzro nu me kple atikewɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo tso atikewɔwɔ na viwò ŋu.

• Dzro nyati siwo ku ɖe ʋumenuwo kple atike bubu siwo wowɔna ɖe ʋu teƒe ŋu me. (Agbalẽ siwo me nàte ŋu adzro: Gbetakpɔxɔ, October 1, 1994, axa 31; June 1, 1990, axa 14-15; March 1, 1989, axa 30-1; Eŋlisigbe me Nyɔ! siwo nye December 8, 1994, axa 23-7; August 8, 1993, axa 22-5; November 22, 1991, axa 10; kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ siwo nye January 1995 kple January 1991 (Vol. 34 No. 1) ƒe emedegbalẽviwo. Tsɔ wo de agbalẽdzraɖoƒe eye wòanɔ asitsɔƒe.)

• Na wò dzitsinya nafia mɔ wò nàtso nya me ne àɖe mɔ woazã mɔ̃ siwo me ʋu tona doa go gagena ɖe ŋutilãa me alo ne àte ŋu axɔ atike siwo me ʋumenuwo le.

• Ne anya wɔ la, hafi nàyi kɔdzi la, na hamemegãwo nanya ale be woate ŋu akpe ɖe ŋuwò eye woana Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitia (HLC) nanya ne eva hiã. Le ɖevi gome la, bia tso hamemegãwo si be woakɔ to dzi na Kadododzikpɔkɔmitia kaba ne eva hiã kpata alo wodi be woado ʋu nɛ.

Na Eme Nakɔ be Yemedi Ʋu O: Nyatakakawo ɖee fia be nɔvi aɖewo lalana nuwo ɖoa yɔyrɔenu hafi wogblɔnɛ na atikewɔla si le wo gbɔ kpɔm be yewomedi be woado ʋu na yewo o. Esia medea atikewɔlawo dzi o eye ate ŋu ana woado ʋu na wò. Ne atikewɔlawo nya wò dzixɔsewo eye nèwɔ agbalẽ ɖe nusiwo nèdi dzi la, ekpena ɖe wo ŋu be woadze dɔ gɔme kaba eye zi geɖe la, enaa mɔnukpɔkpɔ wo be woawɔ atike bubu siwo me womezãa ʋu le o.

Esi wònye zi geɖe atikewɔnyawo ɖina ɖe mí esi míele mɔ kpɔm nɛ hafi o ta la, ɖe afɔ fifia be nàtsɔ akpɔ ɖokuiwò kple viwòwo ta be womagado ʋu na mi o.—Lod. 16:20; 22:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe