Dzidzɔkpɔkpɔ le Wò Subɔsubɔ Kɔkɔe la Me
1 Wotrɔ gbɔ “kple dzidzɔ.” Biblia ƒe nuŋlɔɖia ƒo nu tso alesi nusrɔ̃la 70-awo se le wo ɖokui me esi wonɔ nya ta kam tso gbeƒãɖeɖemɔzɔzɔ aɖe si me wode teƒe geɖe la ŋu na Yesu. Wokpɔ dzidzɔ le ememe tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. (Luka 10:17) Nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzɔ sia ƒomevi le subɔsubɔ kɔkɔea me?
2 Kakaɖedzi ƒe Nɔnɔme: Mawumemɔnukpɔkpɔ su asiwò be nana amewo nanya nu tso Yehowa ƒe tameɖoɖo vevi la ŋu. To wò gbeƒãɖeɖe dzi la, àte ŋu ana ame aɖe naɖe asi le xexe sia si me nuwɔna ɖigbɔwo le ŋu eye wòado le alakpasubɔsubɔ ƒe ŋusẽ te. Àte ŋu ana mɔkpɔkpɔ nasu amewo si be woava nɔ agbe le xexe si me tɔtɔ siwo me míele egbea manɔ o la me. Bu dzidzɔ si Yehowa kpɔna ɖa ne ète ŋu ƒã nyateƒea ƒe nukuwo ɖe dzi siwo xɔa nya la me dzidzedzetɔe la ŋu kpɔ. Tsɔ kakaɖedzi do gbe ɖa be Mawu ƒe gbɔgbɔa natse dzidzɔ ƒe ku le mewò esi nèle subɔsubɔdɔa wɔm kple dzi blibo.
3 Hehe Nyui Xɔxɔ: Wotsɔ kpekpe si Yesu wɔ tsɔ na nufiame nusrɔ̃la 70 mawo la sɔ kple egbeŋkekea me Subɔsubɔkpekpea. Ena hehe wo be woate ŋu awu woƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe. (Luka 10:1-16) Egbea Subɔsubɔkpekpea naa hehe wò le alesi nàwɔ ate ɖe amewo ŋu, alesi nàdze dzeɖoɖowo gɔme, kple alesi nàdze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme ahawɔ woe me. Ne ètsɔ wo wɔ dɔe eye nèna wò gbeƒãɖeɖeŋutetewo nyo ɖe edzi la, àkpɔe be dzodzodzoetsitsi alo esese le ɖokuiwò me be yemedze o la nu nayi eye kakaɖedzi kple dzidzɔ axɔ ɖe wo teƒe.
4 Wò Susu Nenɔ Etsɔme Ŋu: Yesu kpɔ dzidzɔ le eƒe subɔsubɔ kɔkɔea wɔwɔ me, togbɔ be eto fukpekpewo me hã. Nukatae? Elabena eƒe susu nɔ yayra kple mɔnukpɔkpɔ siwo nɔ ŋgɔ nɛ la dzi vevie. (Heb. 12:2) Àte ŋu awɔ nenema ke ne èna wò susu kple dzi ku ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ kple yayra siwo ava le Mawu ƒe xexe yeyea me ŋu. Esia ana dzidzɔ nanɔ wò subɔsubɔdɔa me geɖe wu eye gɔmesese hã anɔ eŋu.
5 Subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na Yehowa ye nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si ate ŋu asu asiwò egbea. Eyata neva eme be nàgblɔ be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ.”—Ps. 40:9.