INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/03 axa 8
  • “Misubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Misubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Dzi Nadzɔ Wò Geɖe Wu le Gbeƒãɖeɖe Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Dzidzɔ​—Nɔnɔme Nyui Si Tso Mawu Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Tsɔ Dzi Kpɔdzidzɔ Subɔ Yehowae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Yehowa Ƒe Dzidzɔ Enye Míaƒe Mɔ̃ Sesẽ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 10/03 axa 8

“Misubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ”

1. Nuka wɔwɔe ate ŋu ahe dzidzɔ geɖe vɛ na Yehowa subɔlawo?

1 Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi!” (Fil. 4:4) Mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míagblɔ nyanyuia ahakpe ɖe amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo ŋu be woade ta agu na Yehowa la hea dzidzɔ geɖe vɛ na mí. (Luka 10:17; Dɔw. 15:3; Tes. I, 2:19) Gake ne edzɔ be ɣeaɖewoɣi míekpɔa dzidzɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me o ɖe, nukae míate ŋu awɔ?

2. Aleke afisi míexɔ míaƒe dɔdasia tsoe léle ɖe susu me ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔe?

2 Dɔ si Mawu De Mía Si: Ðo ŋku edzi be Yehowae de gbeƒãɖeɖedɔa asi na mí. Ẽ, mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye si wònye na mí be míanye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” le Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ me! (Kor. I, 3:9) Kristo Yesu li kpli mí le dɔ sia si womagbugbɔ awɔ akpɔ gbeɖe o la wɔwɔ me. (Mat. 28:18-20) Mawudɔlawo hã le gome kpɔm le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ gã si le edzi yim fifia la me vevie eye wole dɔa wɔm kpli mí. (Dɔw. 8:26; Nyaɖ. 14:6) Ŋɔŋlɔawo, kpakple Mawu ƒe amewo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo, ɖo kpe edzi vodadamanɔŋui be Yehowae nye amesi le megbe na dɔ sia. Eyata ne míele gbeƒã ɖem la, míeyina ‘abe amesiwo Mawu dɔ ene, amesiwo ŋu Mawu ƒe ŋku le, siwo wɔ ɖeka kple Kristo.’ (Kor. II, 2:17) Susu si ta wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo ka gbegbee nye si!

3. Akpa kae gbedodoɖa wɔna be míakpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm le Mawu subɔsubɔ me?

3 Gbedodoɖa hiã vevie be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le Mawu subɔsubɔ me. (Gal. 5:22) Esi wònye Mawu ƒe ŋusẽ me koe míate ŋu awɔ eƒe dɔa le ta la, ehiã be míaɖe kuku abia eƒe gbɔgbɔa, si nye nusi wònaa amesiwo bianɛ la faa. (Luka 11:13; Kor. II, 4:1, 7; Ef. 6:18-20) Míaƒe subɔsubɔdɔa tsɔtsɔ de gbedodoɖa me akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyui nakpɔtɔ anɔ mía si ne womexɔ mí nyuie o gɔ̃ hã. Ana míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi dzinɔameƒotɔe ahawɔe kple dzidzɔ.—Dɔw. 4:29-31; 5:40-42; 13:50-52.

4. Aleke dzadzraɖo nyuie dzia míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖe edzii, eye dzadzraɖomɔnuawo dometɔ aɖewo ɖe?

4 Dzra Ðo Nyuie: Nusiwo míate ŋu awɔ be míadzi míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi le gbeƒãɖeɖe me la dometɔ ɖekae nye be míadzra ɖo nyuie. (Pet. I, 3:15) Mehiã be dzadzraɖo siawo naxɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖeke o. Miniti ʋɛ aɖewo koe wòaxɔ be nàto dzeɖonya siwo nàte ŋu azã ana magazine yeyewo alo ana agbalẽ si nèɖo be yeana me. Àte ŋu akpɔ Reasoning-gbalẽa (alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii) alo akpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ siwo do va yi me atia dzeɖonya si sɔ. Nusi Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖewo kpɔ be ekpena ɖe yewo ŋu enye be woaŋlɔ dzeɖonya kpui aɖewo ɖi anɔ eme tom. Enuenu la, wokpɔa nuŋlɔɖia dzi wòɖoa ŋku nya si woagblɔ dzi na wo. Esia kpena ɖe wo ŋu woɖua vɔvɔ̃ dzi eye kakaɖedzi sua wo si woɖea gbeƒã dzinɔameƒotɔe.

5. Aleke dzidzɔ si anɔ mía me ɖea vi na mía kple ame bubuwoe?

5 Viɖe geɖe dona tsoa dzidzɔ si anɔ mía me me. Dzidzɔ si dzena le mo na mí naa míaƒe gbedasia sese gadzroa amewo ɖe edzi. Dzidzɔ doa ŋusẽ mí be míayi edzi ado dzi. (Nex. 8:10; Heb. 12:2) Ƒo wo katã ta la, míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ dzidzɔtɔe hea ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa. Eyata neva eme be míayi edzi ‘asubɔ Yehowa kple dzidzɔ.’—Ps. 100:2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe