INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/00 axa 1
  • ‘Míate Ŋu Agbe Nuƒoƒo O’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Míate Ŋu Agbe Nuƒoƒo O’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yi Edzi Nàgblɔ Mawu ƒe Nya la Kple Dzideƒo
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Yi Edzi Nagblɔ Mawu ƒe Nya la Kple Dzideƒo
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • ‘Gblɔ Mawu Ƒe Nya La Kple Dzideƒo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • “Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 7/00 axa 1

‘Míate Ŋu Agbe Nuƒoƒo O’

1 Yesu Kristo le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔa. (Mat. 28:20; Mar. 13:10) Togbɔ be gbeƒãɖela siwo ade miliɔn ade kloe ye le gbeƒã ɖem le dukɔ 234 me hã la, mele be míasusui be míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wu enu o. Vaseɖe esime Mawu nagblɔ be dɔa wu enu la, “míate ŋu agbe nuƒoƒo” le nusi míesrɔ̃ ŋu “o.”—Dɔw. 4:20.

2 Ðo Ŋu Ðe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la Ŋu: Satana hea nyaƒoɖeamenu sesẽwo vaa mía dzi be yeatsɔ aɖe dzi le mía ƒoe. (Nyaɖ. 12:17) Mía ŋutɔwo míaƒe ŋutilã madeblibo la hã hea kuxi geɖewo vaa mía dzi. Nusiawo ate ŋu ahe míaƒe susu ɖa tso gbeƒãɖeɖedɔ si nye dɔ vevitɔ kekeake dzi. Ke hã ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, eƒe gbɔgbɔ la akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe mɔxenu ɖesiaɖe nu.

3 Esi woti ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea yome vevie la, nɔviawo do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoagblɔ nya la kple dzideƒo. Yehowa ɖo woƒe gbedodoɖa la ŋu esi wòdo ŋusẽ wo kple eƒe gbɔgbɔ eye wòna dzonɔameme kpakple tameɖoɖo kplikpaa si wohiã be woate ŋu ayi edzi aɖe gbeƒã la wo. Esia wɔe be woyi edzi ɖe gbeƒã nyanyuia vɔvɔ̃manɔmee madzudzɔmadzudzɔe.—Dɔw. 4:29, 31; 5:42.

4 Mègavɔ̃ Dziɖeleameƒonyawo O: Amewo ƒe nukpɔsusu alo ameŋugblẽnya siwo nyadzɔdzɔgblɔlawo kakana ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖo mí. Gake ɖo ŋku dzideƒonɔamesinya si Petro kple apostolo bubuawo gblɔ na Sanhedrin la, si woŋlɔ ɖe Dɔwɔwɔ 5:29-32 la dzi. Abe alesi Sefiala Gamaliel lɔ̃ ɖe edzii ene la, womate ŋu agblẽ Mawu ƒe dɔ me o. Menye míaƒe ŋusẽe míetsɔ le dɔa wɔmee o. Mawue da megbe na dɔ gã sia, eye eya ɖeka kolia koe ate ŋu ana wòakpɔ dzidzedze!—Zax. 4:6.

5 Mina míaƒo koko na Yehowa gbesiagbe abia eƒe gbɔgbɔa be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖe gbeƒã nyanyuia dzonɔamemetɔe. Mina míagblɔ abe alesi Yeremya gblɔe ene be Fiaɖuƒegbedasia le abe dzobibi le míaƒe ƒuwo me ene. (Yer. 20:9) Míate ŋu azi ɖoɖoe o!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe