‘Mina Míawɔ Nuwo Katã Hena Mía Nɔewo Tutuɖo’
1 Ele be míawɔ nusi nyo na mía nɔviwo ƒe ŋgɔgbedede ne míele nu wɔm kpli wo. Esia fia be míatsi dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenudidiwo takpɔkpɔ ŋu. Ele be míakpɔ nyuie be míawɔ naneke atsɔ aɖia mía nɔviwo nu ne míele boblo dom dɔwɔƒe aɖe ƒe adzɔnuwo alo le eƒe dɔwɔnawo kafum na amewo o.—Kor. II, 6:3; Fil. 1:9, 10.
2 Ame aɖewo wɔa dɔ vovovo siwo me woate ŋu aɖu agba le, eye wobua hati Kristotɔwo abe amesiwo ate ŋu anye asisi na yewo ene. Habɔbɔ aɖewo dea dzi ƒo na wo teƒenɔlawo be woabu amesiame be ate ŋu anye yewoƒe asisi—amesiwo wo kple wo wole subɔsubɔha ɖeka me hã le eme. Nɔvi aɖewo ƒo Ðasefo gbogbo aɖewo nu ƒu kple susu be woade dɔ aɖe wɔwɔ ƒe dzi ƒo na wo. Ame bubuwo doa boblo woƒe dɔ to nyatiwo, agbalẽwo, Internet dzi nyatakakawo, alo nya siwo wolé ɖe ka dzi ɖoɖo ɖe haxɔsetɔ siwo mebia wo tso wo si o me. Ðe wòanye nusi sɔ be Kristotɔ nawɔ teokrasi kadodowo ŋudɔ atsɔ atafa eƒe gbɔgbɔmenɔviwoa? Kura o!—Kor. I, 10:23, 24, 31-33.
3 Ele Be Nɔviwo Nakpɔ Nyuie: Mefia be Kristotɔ mate ŋu awɔ dɔ kple nɔvia o. Ema nye ame ŋutɔ ƒe nya. Gake ame aɖewo dea ta dɔ siwo dea ŋukeklẽ ƒe dzi ƒo te, eye wobiana tsoa haxɔsetɔwo si be woanye yewoƒe dɔwɔhatiwo alo woade ga dɔa me. Dɔ siawo dometɔ geɖe ɖua agba, si wɔnɛ be amesiwo de ga wo me ƒe ga gbogbowo fiãna. Togbɔ be ate ŋu anye ga geɖe wɔwɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe mee ʋã amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe dɔa me hã la, mele be amesi wɔ ɖoɖo ɖe eŋu nabui be fɔbubu aɖeke mele ye dzi ne dɔa dze anyi o. Ele be wòade ŋugble le nusi dɔa ƒe anyidzedze awɔ ɖe nɔviawo ƒe gbɔgbɔ me kple ŋutilã me nyonyo dzi ŋu do ŋgɔ nyuie. Ele be amesiwo le teokrasigbanɔamedzinɔƒewo naɖɔ ŋu ɖo nyuie le woƒe dɔwɔnyawo ŋu, elabena wonye amesiwo ame bubuwo ate ŋu abu ahaɖo ŋu ɖo vevie. Masɔ be woazã ŋuɖoɖeŋu ma ɖe mɔ gbegblẽ nu o. Woate ŋu axɔ subɔsubɔ kɔkɔe ƒe mɔnukpɔkpɔ le nɔvi aɖe si ne bubu klo le eŋu le ame bubuwo ŋku me.
4 Ele be míaƒe taɖodzinu nanye be ‘míawɔ nuwo katã hena ame nɔewo tutuɖo.’ (Kor. I, 14:26) Ele be míatsri nusianu si anye asitsatsa, alo nusianu si ahee vɛ wɔwɔ le hamea me. Kadodo aɖeke mele nu mawo kple Ŋɔŋlɔawo me susu siwo ta míekpea ta ɖekae la dome o.—Heb. 10:24, 25.