Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le July kple August me: Míate ŋu ana axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, The Divine Name That Will Endure Forever, Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?, kple Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku. Le afisiwo wòasɔ le la, míate ŋu ana agbalẽ gbadza siwo nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, Our Problems—Who Will Help Us Solve Them?, Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?, kple Will There Ever Be a World Without War? September: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? October: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nana. Do Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nudɔdɔ ɣleti ade tɔ ɖe amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ ne ètrɔ yi wo gbɔ.
◼ Dutoƒonuƒo si nutome sue dzikpɔlawo aƒo tso September me ƒe tanyae nye “Amegbetɔwo ƒe Dziɖuɖu—Wodae le Nudanu Me.”
◼ Ne èdi be yeadzɔ ga atsɔ ana kpekpeɖeŋu le afɔkudzɔɣiwo la, àte ŋu aɖo wò nudzɔdzɔwo ɖe Habɔbɔa, afisi woɖo kpekpeɖeŋunaga ɖi koŋ ɖe taɖodzinu sia ŋu le. Adrɛs si nàzãe nye: Watch Tower, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:
Dzɔgbesee Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzia? Alo Ðe Mawu Abia Akɔnta tso Mía Sia? (Tract 71)—Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, Twigbe
Dzomavɔ—Ðe Wòkpe Ðe Mawu ƒe Ʋɔnu Dzɔdzɔe Dɔdrɔ̃ Ŋua? (Tract 74)—Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, Twigbe
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
The Guidance of God—Our Way to Paradise (Agbalẽ Gbadza si wota na Moslemtɔwo)—Eŋlisigbe