Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 10
Hadzidzi 7
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa kple miaƒe hamea ƒe March gbeadzikɔntabubu ŋu. He susu yi aɖaka si ƒe tanyae nye “Kpɔ Axa Mamlɛtɔa” dzi eye nàwɔ dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo dometɔ ɖeka si asɔ nyuie le miaƒe anyigbamama me ƒe wɔwɔfia ɖeka. Dzro “Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” me. Yɔ ɣletiŋkeke si miayi takpekpe tɔxɛa.
15 min: “Míate Ŋu Agbe Nuƒoƒo O.” Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye emegbe nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee. Te gbe ɖe susu siwo ta míetsɔa moveviɖoɖo wɔa gbeƒãɖeɖedɔ si wode mía si ale gbegbe ɖo. De January 15, 1997, Gbetakpɔxɔ, axa 23-4 me nya veviwo hã eme.
15 min: “Mina Míawɔ Nuwo Katã Hena Mía Nɔewo Tutuɖo.” Hamemegã eve nadzro nyatia me. Woaxlẽ memama ɖesiaɖe kple mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ o. Woaɖe gɔmeɖose siwo le eme afia. Woate gbe ɖe alesi wòhiã be woazã nugɔmesese ne wole dɔwɔnyawo kple gadededɔmenyawo gbɔ kpɔm dzi. Woadzro March 15, 1997, Gbetakpɔxɔ, axa 18-19, 22, me aɖaŋuɖoɖowo me.
Hadzidzi 15 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 17
Hadzidzi 23
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ðe alesi míate ŋu azã Divine Name ƒe agbalẽ gbadza la atsɔ akpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋui be woakpɔ alesi wòhiã be woanya Mawu ƒe ŋkɔ la ahazãe me kpuie.—Kpɔ Reasoning-gbalẽa ƒe axa 196-7.
10 min: “Nukata Nàna Nu Yehowa?” Nuƒo si nɔ te ɖe November 1, 1996, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 28-30 dzi. Te gbe ɖe susu ene siwo ta míenaa nu dzi.
20 min: Amekae Wòle Be Wòanye Wò Kpɔɖeŋuɖola? Fofo aɖe le ƒomenusɔsrɔ̃ wɔm kple via ƒewuivi ɖeka alo eve. Ede dzesii nyitsɔ laa be woƒe dzeɖoɖo akpa gãtɔ kuna ɖe kamedefefewɔla kple sinima me fefewɔla ŋkutawo, television dzi dɔwɔla kple hadzila xɔŋkɔwo ŋu. Egblɔ alesi wòtsi dzi ɖe nya sia ŋui elabena vividodoɖenuŋu sia ƒomevi nye xexeame ƒe gbɔgbɔ ɖeɖefia ƒe dzesi. Wodzro May 22, 1998, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 12-14, [Eʋegbe tɔ, June 8, 1998, axa 23-5] me. Ðeviawo kpɔe dze sii be afɔku le subɔsubɔ ƒe bubu dede xexeame ƒe ame xɔŋkɔwo ŋu me eye be xexeame ƒe ŋkɔxɔxɔ mahe nu nyui aɖeke vɛ na Kristotɔwo o. Wodzro viɖe siwo le dzilawo, hamemegãwo, kple ame bubu siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le hamea me—kple vevietɔ Yesu Kristo—tsɔtsɔ wɔ woƒe kpɔɖeŋuɖolawoe me.
Hadzidzi 34 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 24
Hadzidzi 45
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
15 min: Mía Ðokui Ðeɖefia be Míenye Mawu Subɔlawo. Subɔsubɔdɔwɔla eve nadzro Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame si dze le December 15, 1998, Gbetakpɔxɔ, axa 19-20, me. Woƒo nu tso alesi wòhiã be woaɖo subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe nudidiwo gbɔ nyuie ŋu eye wodzro nusi woawo ŋutɔ woate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be yewole yewoƒe dɔdasia wɔm me. Wokpɔ kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me ƒe vevienyenye dze sii eye wodzro mɔ siwo dzi woate ŋu ato akpe ɖe hamemegãwo ŋu ahana kpekpeɖeŋu amewo me. Wolɔ̃ ɖe edzi be yewoawɔ nusianu si yewoate ŋui atsɔ akpe ɖe hamea ŋu be woakpɔ alesi nuwɔwɔ le ɣeyiɣi si me míele fifia hiã kpatae kple alesi wòhiã be woatsi dzi ɖe dzidzedzekpɔkpɔ le gbɔgbɔmenuwo me ŋu.
10 min: Lɛtaŋɔŋlɔ na Amesiwo Ŋu Míete Ŋu Ke Ðo O. Nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo. Kutsetse nyuiwo do tso lɛtaŋɔŋlɔ atsɔ aɖe gbeƒãe me na gbeƒãɖela aɖewo, esi wòva le sesẽm be míake ɖe amewo ŋu le aƒeme. Wɔ ɖe mɔfiame siwo gbɔna dzi: Ele be lɛtawo nanɔ kpuie, woatu wo ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi eye woade bubu ame ŋu. Mègaɖo lɛta siwo dzi eŋlɔla ƒe ŋkɔ mele o ɖa o. Ŋlɔe kple asi alo nàƒoe kple mɔ̃ wòanɔ dzadzɛ anya axlẽ. Gblɔ afisi Fiaɖuƒe Akpata le kple hamea ƒe kpekpeɣiwo nɛ eye nàkpe ɖe eŋu wòanɔ dedem. Mègazã Habɔbɔa ƒe adrɛs o. Dzro aɖaŋu si woɖo ɖe School Guidebook, axa 87-8, kple November 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka me.
15 min: Zã Ŋgɔdonya Nyuiwo. Tia ŋgɔdonya eve alo etɔ̃ tso Reasoning-gbalẽa ƒe axa 9-15 [alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, axa 2-7] me eye nàdzro alesi woate ŋu azã wo nyuie le miaƒe anyigbamama mee. Bia nyaselawo be, “Ŋgɔdonya kae nèzãna le ablɔdziɖaseɖiɖi, vomeɖaseɖiɖi alo ɖaseɖiɖimɔnu bubuwo me?” Wɔ ŋgɔdonya ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia ɖe alesi ɣeyiɣia ɖe mɔe nu.
Hadzidzi 54 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 31
Hadzidzi 66
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ eƒe July ƒe gbeadzikɔntabubu ana. Kpe nyaselawo ne woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le agbalẽ gbadzawo mama me le dzinu sia me.
12 min: Miaƒe Nuhiahiãwo.
18 min: “Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Yehowa ƒe Dzigbɔɖi Ŋua?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nya siwo sɔ ku ɖe Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ŋu kpuie.—Kpɔ Insight, Babla 2, axa 263-4.
Hadzidzi 75 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 7
Hadzidzi 88
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
17 min: “Amesi Kpea Ŋue Nènyea?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname si dze le ƒe1997 Yearbook, axa 43-4.
18 min: Tsɔ Nunya Bu Wò Etsɔme Ŋu. Hamemegã ƒe nuƒo. Sɔhɛwo dina be yewoase vivi na etsɔme si me dzidzɔ le kple yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo. Togbɔ be esia le dzɔdzɔme nu hã la, ele be woawɔ ɖe mawumeɖaŋuɖoɖowo dzi ne wodi be yewoakpɔ dzidzedze. (Lod. 19:20) Dzodzro si nɔa ame me ɖe ŋutsu alo nyɔnuwo ŋu nu sẽna le sɔhɛmenɔɣi. Ne womeɖu seselelãme siawo dzi o la, ate ŋu ahe afɔku vɛ. Zi geɖe la, wobiaa nya ku ɖe nunya si anɔ eme be ɖekakpui kple ɖetugbi ƒewuiviwo ƒe nu nalé dzi na wo nɔewo eye ƒomedodo kplikplikpli si kplɔa ame yia gbeɖoɖoɖi gbɔe nado tso emee ŋu. Dzro aɖaŋu siwo woɖo le Young People Ask ƒe agbalẽ, axa 231-5 me. Ƒo nu tso nya vevi siwo le November 15, 1999, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 18-23, si ku ɖe nusiwo katã Mawu di tso sɔhɛwo si la wɔwɔ ƒe vevienyenye ŋu. De dzi ƒo na ƒewuiviwo be woade ŋugble le aɖaŋuɖoɖo sia ŋu eye woadzro eme kple wo dzilawo ne biabia aɖe le wo si.
Hadzidzi 101 kple gbedodoɖa hena kpakpã.