Ðe Nèle Dzi Doma?
1 “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, . . . vinyewo zɔna le nyateƒe me o.” (Yoh. III, 4) Yohanes ƒe gbɔgbɔmeviwo ƒe dzidodo na wòkpɔ dzidzɔ geɖe. Aleke gbegbe wòadzɔ dzi na mía Dziƒofofo la be wòakpɔ ame miliɔn geɖe siwo ava nye viawo be wole ‘zɔzɔm le nyateƒe la me!’ enye si.—Lod. 23:15, 16; 27:11.
2 Le esime abe ƒuƒoƒo ene Mawu ƒe amewo le kutri kum dzonɔamemetɔe le Kristotɔwo ƒe dɔwo wɔwɔ me la, vivivi la, ame aɖewo ɖe woƒe dɔwɔwɔ dzi kpɔtɔ. Togbɔ be amesiawo ate ŋu anye amesiwo do vevie nu esime wosrɔ̃ nyateƒea zi gbãtɔ hã la, esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wova zu amesiwo wɔa dɔ sue aɖe ko alo nɔa anyi ʋuu hafi kpɔa gome le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me zi ɖeka.
3 Eme kɔ be ame aɖewo mete ŋu gawɔna geɖe o le lãmegbegblẽ kple tsitsi ƒe fuɖenamewo ta. Ke hã ele be woakafu wo ɖe woƒe dzidodo ta. Wole nusi woate ŋu awɔ la wɔm. Gake ele be amesiame si tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu nabia eɖokui se be: ‘Ðe meɖe mɔ nye ŋutɔ ƒe nudidiwo xɔ aƒe ɖe menye ale gbegbe be nɔƒe sue aɖe ko Fiaɖuƒenuwo xɔ le nye agbe mea? Ðe meva zu amesi ‘medze dzo o, eye mefa hã o’ le mɔ aɖe nua, alo ɖe megale ʋiʋlim ‘sesĩea’? (Nyaɖ. 3:15, 16; Luka 13:24) Neva eme be mía dometɔ ɖesiaɖe natsɔ gbedodoɖa abu nusi wɔm wòle la ŋu eye wòawɔ asitɔtrɔ ne ehiã, esi wòle susu me na mí be Yehowa do ŋugbe be yeana “ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋutifafa . . . amesiame, si le nu nyui wɔm.”—Rom. 2:10.
4 Alesi Míawɔ Ado Dzi: Nukae kpe ɖe Yesu ŋu wòdo dzi? Paulo ɖe eme be: “[Edo dzi kpe fuwɔameti] ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.” (Heb. 12:1-3) Dzidzɔ si woɖo ɖi na Yesu ƒo ɣeyiɣi kpui aɖe me dodokpɔ siwo wòdo goe ta sasasã. Dzidzɔ si woɖo ɖi na mí ƒe susu me nɔnɔ na mí ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu be míado dzi. (Nyaɖ. 21:4, 7; 22:12) Ne míekpɔ Yehowa sinu be wòado ŋusẽ mí to ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpekpeawo dede edziedzi, kple gbedodoɖa edziedzi me la, míate ŋu ayi dɔ si wòde mía si be míawɔ la wɔwɔ dzi.
5 Yehowa kpɔa dzidzɔ le eƒe nuteƒewɔlawo ƒe dzidodo ta. Eyata mina míayi edzi ‘azɔ le nyateƒea me’ ɣesiaɣi eye míadzi míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi.