Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 14
Hadzidzi 114
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa kple miaƒe hamea ƒe April ƒe gbeadzikɔntabubu ŋu. Kwasiɖanuwuwu eve koe susɔ le August me, eyata de dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me hafi dzinua nawu enu. Dzro kwasiɖanuwuwu ƒe kpekpe hena gbeadziyiyi ɖoɖowɔɖiwo me.
15 min: “Ʋli Xɔse ƒe Ʋiʋli Nyui La.” Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye emegbe nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee. Ƒo nu tso nya bubu siwo le Míaƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽa ƒe axa 44-5 ŋu kpee, tso alesi Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo awɔ ɖoɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu na woƒe ƒuƒoƒoa me tɔwo kple alesi woatrɔ susu ɖe ame ɖekaɖekawo ƒe nuhiahiãwo ŋu be woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ahabu gbeadzikɔnta edziedzi.
18 min: Alesi Sukudede Ate Ŋu Aɖe Vi na Wòe. Vifofo aɖe ƒo nu na viawo be wòakpe ɖe wo ŋu woakpɔ nusita viɖe le sukudede ŋu. (Kpɔ Young People Ask gbalẽa, axa 133-9.) Ewɔna na sɔhɛ geɖewo be nu sesẽ aɖe ŋutɔe sukudede nye le egbe xexe dzeaglã sia me. Sukua tina wo wogblɔna be viɖe gobi aɖeke manɔ nusiwo srɔ̃ ge yewogbɔna ŋu o. Vifofoa nadzro Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo kple susu nyui siwo ta nunya le eme be woade suku aɖo afisi dze me. Ede dzi ƒo na viawo be woasrɔ̃ nu kple veviedodo eye woaɖo to nyuie le suku.
Hadzidzi 127 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 21
Hadzidzi 143
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Na woawɔ alesi woaɖo nyabiabia si nye, “Nukatae lɔlɔ̃ ƒe Mawu aɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu eteƒe nadidi alea gbegbe ɖo?” ƒe wɔwɔfia si me woto nyuie. (Reasoning-gbalẽa, axa 395-6) De dzi ƒo na amesiame be wòade gbeadzi kwasiɖanuwuwu sia.
10 min: Miaƒe Nuhiahiãwo.
25 min: “Ðe Wole Vi Ðem na Wòa?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.
Hadzidzi 152 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 28
Hadzidzi 165
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ eƒe August ƒe gbeadzikɔntabubu ana. Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nakpɔ egbɔ be woƒe ƒuƒoƒoa me tɔ ɖesiaɖe tsɔ eƒe akɔntabubu na ale be woate ŋu aƒo wo nu ƒu hafi September 6 naɖo.
15 min: “Zã Nuwo Kple Amewo ɖe Woƒe Hiahiãwo Nu.” Hamemegã ƒe nuƒo.
20 min: “Kpekpeawo Ðea Vi na Sɔhɛwo.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro si dzi hamemegã akpɔ. Ne èle memama 8 lia me dzrom la, ƒo nu tso nusiwo wɔnɛ be ame ƒe susu nɔa nya ŋu eye wòɖoa to nyuie le kpekpewo me ŋu. (Kpɔ October 8, 1998, ƒe Nyɔ!, axa 25-26 [Eŋlisigbe me tɔ, September 22, 1998, axa 19-20].) De dzi ƒo na dzilawo be woatɔ afɔ to akpɔ egbɔ be wo viwo de kpekpe ɖesiaɖe edziedzi.—Kpɔ nuteƒekpɔkpɔ si dze le September 1, 1997, Gbetakpɔxɔ, axa 25.
Hadzidzi 176 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme September 4
Hadzidzi 196
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na gbeƒãɖelawo nagblɔ nuteƒekpɔkpɔ si su wo si esime wonɔ vomeɖase ɖim le mɔ dzi yina nutome sue alo ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa, le takpekpea wɔɣi alo esi wotrɔ gbɔna aƒeme.
10 min: Míaƒe Ɣeyiɣia Nye Ɣeyiɣi Tɔxɛ. Hamemegã ƒe nuƒo si wotu ɖe November 15, 1996, Gbetakpɔxɔ, axa 22-3 dzi.
20 min: “Ðe Nèle Dzi Doma?” Nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo. De dzi ƒo na amesiame be wòade ŋugble le dzidzedze si wòkpɔ le dzidodo le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ŋu. Ehiã be míado ŋusẽ mía ɖokui le gbɔgbɔ me ne míekpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesiwo le mía ɖokui ŋu. Gblɔ October 1, 1999, Gbetakpɔxɔ, axa 20-1, memama 17-21 me nyawo kpee. Kpe gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ siwo do dzi le nuteƒewɔwɔ me ɣeyiɣi didi aɖe ne woagblɔ nusi wɔm wole be woayi edzi ado dzi.
Hadzidzi 206 kple gbedodoɖa hena kpakpã.