INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/00 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 8/00 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ siwo míana le August me: Míate ŋu ana axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, The Divine Name That Will Endure Forever, Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?, kple Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku. Le afisiwo wòasɔ le la, míate ŋu ana agbalẽ gbadza siwo nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, Our Problems—Who Will Help Us Solve Them?, Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?, kple Will There Ever Be a World Without War? September: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? October: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nana. Miate ŋu ado Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nudɔdɔ ɖe amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia ne mietrɔ yi wo gbɔ la gbɔ. Míama Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia si ƒe tanyae nye “Ƒe Akpe Yeye La—Nukae Etsɔ si Gbɔna Ahe Vɛ na Wò?” le ɣletia ƒe nuwuwu lɔƒo. November: Míayi Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mama dzi. Hame siwo kpe woƒe anyigbamama ɖo esi woɖo aƒemenɔlawo gbɔ le aƒe ɖesiaɖe me alo nɔƒe ɖesiaɖe kple Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia ate ŋu ana Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa alo Sidzedze-gbalẽa. Ne agbalẽ siawo le ameawo si xoxo la, miate ŋu ana Agbe Tegbee gbalẽa alo Creation-gbalẽa ɖe wo teƒe.

◼ Zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le September 1 dzi alo le emegbe kpuie. Ne miewɔe vɔ la, miɖe gbeƒã tso eŋu na hamea le gakɔntabubu si miagaxlẽ la megbe.

◼ Hamewo nadze ƒe 2001 Calendar of Jehovah’s Witnesses dɔdɔ kpe ɖe woƒe September agbalẽnudɔdɔwo ŋu.

◼ Míele agbalẽvi siwo míazã le ƒe 2001 subɔsubɔƒea me ƒe agbɔsɔsɔ si sɔ ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Taflatse mizã agbalẽvi siawo nyuie. Mizã wo ɖe taɖodzinu siwo ta wota wo ɖo ŋu ko.

◼ Mixlẽ agbalẽ kple magazine siwo susɔ ɖe hamea si le August 31, 2000, alo miaxlẽ wo ne ɣeyiɣi sia le ɖoɖom alo le emegbe teti. Agbalẽxexlẽ sia sɔ kple esi agbalẽwo ƒe ɖoɖodzikpɔla wɔna ɣleti sia ɣleti eye miŋlɔ wo katã ƒe xexlẽme ɖe “Literature Inventory” gbalẽvi (S-18) dzi. Miate ŋu anya magazine siwo li ƒe xexlẽme tso magazine dzikpɔla siwo le hame ɖesiaɖe si le agbalẽmama ɖoɖoa ƒe ƒuƒoƒoa me la gbɔ. Míaɖo “Literature Inventory” gbalẽvi (S-18) etɔ̃ ɖe hame ɖesiaɖe si kpɔa agbalẽnyawo gbɔ. Taflatse miɖo agbalẽvi si dzi mieŋlɔ nuawo ɖo dometɔ ɖeka ɖe Habɔbɔa megatsi megbe wu September 6 lia o. Mida kɔpia ɖe miaƒe nuŋlɔɖiwo dzraɖoƒe. Miate ŋu azã agbalẽvi etɔ̃lia hena dzesidede nuwo. Hame si kpɔa agbalẽdɔdɔnyawo gbɔ ƒe agbalẽŋlɔla nakpɔ agbalẽawo xexlẽ dzi. Hame si kpɔa agbalẽdɔdɔnyawo gbɔ ƒe agbalẽŋlɔla kple dzikpɔla zimenɔla nade asi agbalẽvia te.

◼ Betel ƒe telefon xexlẽdzesi: Tsɔ kpe ɖe 712456 ŋu la, miate ŋu azã xexlẽdzesi adre siwo gbɔna atsɔ ayɔ Betel: 7010110. Accra ƒe telefonxexlẽdzesi si ado ŋgɔ ya metrɔ o—eyae nye 021.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe