INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/00 axa 5-6
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 8/00 axa 5-6

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le May 1 vaseɖe August 21, 2000, ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui la ŋu le ɣeyiɣi si wona me ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.

[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamae woyɔ o.]

Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:

1. Nya siwo Gideon tsɔ ɖo dzrenya madzemadze si Efrayim ŋutsuwo tsɔ kpee ŋui ɖe eƒe tufafa kple ɖokuibɔbɔ fia, eye esia tsi woƒe fɔbuame madzemadzea nu eye wòhe ŋutifafa vɛ. (Ʋɔn. 8:1-3) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ]

2. Togbɔ be Manoax gblɔ be “míekpɔ Mawu” hã la, le nyateƒe me la, Mawu ƒe nyanuɖela si ɖe eɖokui fia ye eya kple srɔ̃a kpɔ ke menye Yehowa ŋutɔ wokpɔ o. (Ʋɔn. 13:22) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w88 5/15 axa 23 mm. 3.]

3. Nyagbɔgblɔ “amesiwo lɔ̃nɛ” si le Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:31 nye nyagblɔɖi si ku ɖe ame 144,000 siwo ava nye Fiaɖuƒea ƒe domenyilawo ŋu. [si axa 50 mm. 28]

4. Womekpɔ Rut ƒe agbalẽa ƒe kakɛ aɖeke le Dzeƒu ƒe Agbalẽ Babla siwo wofɔ me o. [si axa 51 mm. 3]

5. Ʋɔnudrɔ̃lawo 21:25 fia ɣeyiɣi aɖe si me Yehowa gblẽ Israel-dukɔa ɖi mɔfiame aɖeke manɔmee. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 6/15 axa 22 mm. 16.]

6. Kerubiwo ƒe nɔnɔmewɔwɔ si nɔ nubablaɖakaa dzi tsi tre ɖi na Yehowa ƒe anyinɔnɔ le fiaɖuƒeŋusẽ me, amesi ŋu wogblɔ le be ele “Kerubiwo ta me [alo, “wo dome”].” (Sam. I, 4:4, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w80 11/1 axa 29 mm. 2.]

7. Esi Saul ƒe asrafowo ɖu ʋu le nɔnɔme sesẽ aɖe me eye womehe to na wo o ta la, eɖee fia be asɔ le nɔnɔme aɖewo me be woate ŋu aŋe aɖaba aƒu Mawu ƒe sewo dzi ɣeaɖewoɣi atsɔ akpɔ ame ƒe agbe tae. (Sam. I, 14:24-35) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w94-EW 4/15 axa 31 mm. 7-9.]

8. Togbɔ be ame aɖewo bua nya “nyaƒoɖeamenu” be efia amefuflu kple ayemenuwɔwɔ hã la, woate ŋu azãe kple susu nyui wòafia nya si me kɔ eye susu le eme tsɔtsɔ ɖe nu me na ame be wòatrɔ eƒe susu. (Tim. II, 3:14, 15) [w98-EW 5/15 axa 21 mm. 4]

9. “Agbagbeawo ƒe nu me” fia ɖoɖo siwo Mawu wɔ na takpɔkpɔ kple agbeɖeɖe, si aɖe vi na Dawid ne eƒo asa na nusi nye ʋukɔkɔɖi le Mawu ŋkume. (Sam. I, 25:29) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w91 6/15 (Eʋegbe, Vol. 112, No. 12) axa 14 mm. 3.]

10. Dawid ƒe Fiaɖuƒe nubabla si ŋu woƒo nu tsoe le Samuel II, 7:16, wɔe be wonya ƒome si me Dzidzimevi si ava nye Mesia la ado tso eye enye kpeɖodzi le se nu be ame aɖe si ado tso Dawid ƒe dzidzime me la aɖu fia “tegbee.” [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w89-EW 2/1 axa 14 mm. 21–axa 15 mm. 22.]

Ðo nyabiabia siwo gbɔna ŋu:

11. Dzideƒonamenya kae le Psalmo 34:19? [w98-EW 4/1 axa 31 mm. 2]

12. Nukae ŋkɔ si wotsɔ na Yosef be Barnaba ɖe fia? (Dɔw. 4:36) [w98-EW 4/15 axa 20 mm. 3, etenuŋɔŋlɔ]

13. Nukata Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be Eli bu viaŋutsuawo wu Yehowa? (Sam. I, 2:12, 22-24, 29) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w96-EW 9/15 axa 13 mm. 14.]

14. Nukatae wòle be Rut ƒe agbalẽa nado ŋusẽ kakaɖedzi si le mía si ɖe Fiaɖuƒe ŋugbedodowo ŋu? [si axa 53 mm. 10]

15. Kpɔɖeŋu nyui kae Samuel I, 1:1-7 gblɔ be Samuel ƒe ƒometɔwo ɖo? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w98-EW 3/1 axa 16 mm. 12.]

16. Susu ka tae woate ŋu agblɔ be ‘kesinɔnuwo ƒe ŋusẽ blea ame’? (Mat. 13:22) [w98-EW 5/15 axa 5 mm. 1]

17. Aleke Yonatan si tsi wu la de bubu Dawid ŋu be enye amesi Yehowa si ami na, eye nukae esia nye kpɔɖeŋu na egbea? (Sam. I, 18:1, 3, 4) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w89-EW 1/1 axa 24, 26 mm. 4, 13.]

18. Togbɔ be Hiob nye ‘ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe’ hã la, aleke Hiob ƒe agbalẽa ɖee fia be esia mefia be ede blibo o? (Hiob 1:8) [w98-EW 5/1 axa 31 mm. 1]

19. Nukae nya “miʋli mia ɖokui sesĩe” fia? (Luka 13:24, NW) [w98-EW 6/15 axa 31 mm. 1, 4]

20. Abe alesi woŋlɔe ɖe Samuel II, 12:26-28 ene la, nufiame vevi kae míate ŋu atsɔ awɔ dɔe ne míele dɔ wɔm kple ame bubuwo? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w93-EW 12/1 axa 19 mm. 19.]

Ŋlɔ nya alo nyagbe siwo hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:

21. Ele be alesi Yehowa tsri Baal-subɔsubɔ kaɖikaɖi la naʋã mí be míate mía ɖokui ɖa tso nusiwo ɖii le egbeŋkekeawo me siwo nye ․․․․․․․․ , ․․․․․․․․ , kple ․․․․․․․․ gbɔ. (Ʋɔn. 2:11-18) [si axa 50 mm. 26]

22. Samuel ŋɔlie ․․․․․․․․ ƒe ɣeyiɣi wu enu eye ․․․․․․․․ ƒe fiaɖuɣi si ŋu Yehowa meva kpɔ ŋudzedze ɖo o la dze egɔme le. [si axa 53 mm. 1]

23. Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa gɔmee nye ․․․․․․․․ eye efia be Yehowa ate ŋu awɔ nusianu si hiã be eƒe ․․․․․․․․ nava eme. [w98-EW 5/1 axa 5 mm. 3]

24. Eli kple Saul do kpo nu le susua nu be Eli ․․․․․․․․ afɔ si wòle be wòaɖe dzi, eye Saul wɔ nu ․․․․․․․․ . [si axa 57 mm. 27]

25. Samariatɔ havilɔ̃la ƒe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ la ɖee fia be amesi wɔa nu dzɔdzɔe ŋutɔŋutɔ mewɔa Mawu ƒe ․․․․․․․․ dzi ko evɔ o ke esrɔ̃a eƒe ․․․․․․․․ hã. (Luka 10:29-37) [w98-EW 7/1 axa 31 mm. 2]

Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:

26. Alesi gbegbe Yehowa ƒe nɔnɔme si nye (nunya; ŋusẽ; lɔlɔ̃) gba goe la dze le alesi wòtia Moab-nyɔnu (Rut; Naomi; Orpa) amesi nye (Baal; Kemos; Dagon) subɔla tsã, si trɔ dzime va ge ɖe subɔsubɔha vavãtɔ me eye wòva zu Yesu Kristo mama la me. (Mat. 1:3, 5, 16) [si axa 51 mm. 1]

27. Ɣeyiɣi si me ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu Israel dzi wu enu esime wosi ami na (Samuel; Dawid; Saul) be wòzu fia eye eteƒe medidi o Yehowa da megbe nɛ wòɖu (Ammonitɔwo; Moabitɔwo; Filisititɔwo) dzi. (Sam. I, 11:6, 11) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 12/15 axa 9 mm. 2–axa 10 mm. 1.]

28. Timoteo xɔ nufiame tso (apostolo Paulo; fofoa; dadaa kple mamaa) gbɔ tso “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” me, si na wòwɔ ŋgɔyiyi va zu dutanyanyuigblɔla kple dzikpɔla nyui aɖe. (Tim. II, 3:14, 15; Fil. 2:19-22) [w98-EW 5/15 axa 8 mm. 3–axa 9 mm. 5]

29. Ele be subɔsubɔdɔ si (Dawid; Samuel; Yonatan) wɔ le eƒe ɖekakpui me nade dzi ƒo na sɔhɛwo be woawɔ subɔsubɔdɔa egbea, eye ele be alesi wòwɔe madzudzɔmadzudzɔe vaseɖe eƒe kugbe nade dzi ƒo na ame tsitsi siwo tsitsi le fu ɖem na. [si axa 58 mm. 30]

30. Ɣeyiɣi si ƒe ŋutinya ŋu Samuel ƒe Agbalẽ Evelia ku ɖo enye (ƒe 1077 vaseɖe 1040; 1077 vaseɖe 1037; 1070 vaseɖe 1040) D.M.Ŋ. [si axa 59 mm. 3]

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:

Ʋɔn. 11:30, 31; Sam. I, 15:22; 30:24, 25; Fia. II, 6:15-17; Yak. 5:11

31. Yehowa na kakaɖedzi mí be yeazã yeƒe dziƒoʋakɔwo atsɔ akpɔ yeƒe amewo ta alesi yelɔ̃. [w98-EW 4/15 axa 29 mm. 5]

32. Agba le hamemegãwo dzi be woawɔ woƒe ŋugbedodowo dzi, togbɔ be ate ŋu anye nusi vena eye wòabia nanewo tsɔtsɔ sa vɔe ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. [w99-EW 9/15 axa 10 mm. 3-4]

33. Nuteƒewɔwɔ le dodokpɔwo me awɔe be ame naxɔ teƒeɖoɖo geɖe tso Yehowa Mawu gbɔ. [w98-EW 5/1 axa 31 mm. 4]

34. Lɔlɔ̃ vavã ƒe amesinɔnɔ na Mawu bia be woaɖo to eƒe mɔfiamewo eye menye vɔsasa nɛ dzro ko evɔ o. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w96-EW 6/15 axa 5 mm. 1.]

35. Yehowa kpɔa ŋudzedze deto ɖe amesiwo wɔa akpa aɖe tsɔ doa alɔ eƒe habɔbɔa egbea ŋu. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w86 9/1 axa 28 mm. 4.]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe