INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/01 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 8
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 15
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 22
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 29
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 5
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 1/01 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 8

Hadzidzi 29

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

15 min: “Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ.”a Gblɔ nya siwo le June 1, 1997, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 15, memama 12-13 me kpee. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ aɖi ɖase.

20 min: “Ðe Nèsea Vivi le Ðokuisinusɔsrɔ̃ Mea?” Hamemegã ƒe nuƒo si wòdzra ɖo nyuie, si wotu ɖe nyati si le June 15, 1994, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 8-11 dzi. Te gbe ɖe alesi wòle vevie be Yehowa subɔlawo katã nasrɔ̃ nu edziedzi la dzi.

Hadzidzi 42 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 15

Hadzidzi 51

13 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Dzro “Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” la me eye nàde dzi ƒo na amesiame be wòayi akpa ɖesiaɖe.

12 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

20 min: Èdzroa Ŋɔŋlɔawo Me Gbesiagbea? Nuƒo kple gbebiamewo. Dzro December 15, 1996, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 17-18, memama 12-14 me, nàte gbe ɖe nusita wònyo be ƒomea nadzro gbesiagbe mawunyakpukpuia me dzi. Bia gbe ƒomewo me tɔ siwo dometɔ ɖesiaɖe ɖoa ŋku gbesiagbe mawunyakpukpui aɖe me dzodzro si ɖe vi ŋutɔ dzi eye woagblɔ vi si wòɖe na wo. Te gbe ɖe edzi be ele be esia nanye ƒomenusɔsrɔ̃ si wowɔna edziedzi ƒe akpa aɖe si ŋu wotrɔ asi le be wòado ŋusẽ míaƒe ƒomewo ahana ƒomea nakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me vevie.

Hadzidzi 67 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 22

Hadzidzi 90

7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

18 min: Alesi Nàdzra Ŋgɔdonyawo Ðoe. Nuƒo kple wɔwɔfiawo. Dzro Reasoning-gbalẽa ƒe axa 9 [alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, ƒe axa 2] me nya veviwo me. Gblɔ alesi míawɔ atia ŋgɔdonya siwo sɔ na míaƒe nɔnɔme, amenyenye, kple anyigbamama nyuie wu. Dzro ŋgɔdonya siwo woate ŋu azã le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa nana me ƒe kpɔɖeŋuwo me, eye na woawɔ wo dometɔ ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia. (Kpɔ April 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 8.) De dzi ƒo na amesiame be wòazã aɖaŋu siwo woɖo le Reasoning-gbalẽa kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyuie le woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me.

20 min: “Nye Toɖola Nyui.” Nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo. Dzro nya siwo le School Guidebook ƒe axa 27-8, memama 15-17 me. Nu nyuitɔ kekeake si míatsɔ ado míaƒe toɖoɖo kpɔe nye nu alesinu dzi míate ŋu aɖo ŋkui. Kpe nyaselawo be woagblɔ nya vevi siwo amesiwo wɔ dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me fiẽ sia gblɔ siwo dzi woɖo ŋkui.

Hadzidzi 96 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 29

Hadzidzi 139

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe January gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔntabubuwo ana. Ƒo nu tso February ƒe agbalẽnunanaa ŋu, nàyɔ agbalẽ siwo le hamea si.

15 min: “Di Mawumeŋutifafa le Ƒomegbenɔnɔ Me.” Nuƒo si nɔ te ɖe June 15, 1997, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 20-5 dzi, nàtsɔ ana woakpɔ mɔ na hamea ƒe nusɔsrɔ̃ le Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe agbalẽa me. De dzi ƒo na sɔhɛwo be woakpɔ gome le numedzodzro si woawɔ kwasiɖa sia kwasiɖa le agbalẽmenusrɔ̃ƒea me. Amesiame adi be yeayi edziedzi, ahadi vevie be yeasrɔ̃ nu geɖe tso nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona ŋu alesi yeate ŋui.

20 min: “Dzilawo—Miƒa Nɔnɔme Nyuiwo ɖe Mia Viwo Me.” Nuƒo kple gbebiabia dzila siwo ƒe viwo le ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me. Dzilawo gblɔ nu nyui siwo wowɔ be wo viwo nakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, gblɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa ƒe axa 55-9 kpe ɖe eŋu.

Hadzidzi 149 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 5

Hadzidzi 168

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: “Nye Nyadziwɔla Kpɔdzidzɔ.”b Gblɔ nusi na míegakpɔa dzidzɔ wu le Mawu subɔsubɔ me, abe alesi wogblɔe le Insight-gbalẽa ƒe Babla 2, axa 120, memama 6-8 ene.

20 min: Modzakaɖeɖe Tuameɖowo Li Nàkpɔ. Ƒome aɖe dzro aɖaŋu si woɖo le June 8, 1997, (Eŋlisigbe, May 22, 1997) ƒe Nyɔ! me la me. Vifofoa tsi dzi ɖe nusi ƒomea wɔna tsɔ ɖea modzakae ŋu. Esi wozã ɣeyiɣi kpui aɖe tsɔ dzro “Aleke Modzakaɖeɖe Va Zu?” (axa 12-15 [Eŋlisigbe, axa 4-7]) me vɔ la, wohe susu yi modzakaɖeɖe hamehame siwo ate ŋu atu ame ɖo ahaɖe vi dzi. Dzro nya siwo le Míaƒe Subɔsubɔdɔ-gbalẽa ƒe axa 131-2, le “Modzakaɖeɖe” te, kple axa 135-6 le “Miwɔ Ye Katã Na Mawu ƒe Kafukafu” te me. Te gbe ɖe akpa si dzilawo wɔna le ŋgɔxɔxɔ me kple alesi wòhiã be ƒomea me tɔwo katã nawɔ nu aduadu be wòaɖe vi na ƒome bliboa dzi.

Hadzidzi 190 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye emegbe nàtsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

b Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye emegbe nàtsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe