INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/01 axa 1
  • Mina Mí Katã Míade Bubu Yehowa Kple Via Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mina Mí Katã Míade Bubu Yehowa Kple Via Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • De Bubu Ame Siwo Dze Na Bubu La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Mide Bubu Ame Bubuwo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ðe Nèxɔa Ŋgɔ Le Bubudede Nɔvi Haxɔsetɔwo Ŋu Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ðe Nèxɔa Ŋgɔ Le Bubudede Amewo Ŋu Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 3/01 axa 1

Mina Mí Katã Míade Bubu Yehowa Kple Via Ŋu

Alesi Amesiwo Katã Ade Ŋkuɖodzia le April 8 lia dzi Ate Ŋu Akpɔ Viɖe Bliboe

1 Amekawo ŋue wodea bubu tɔxɛe egbea? Amesiwo ƒe nuwɔna ŋu xexeame dea asixɔxɔe lae. Gake woŋlɔa nusi woƒe akpa gãtɔ wɔ la be kaba. Ke nusiwo wowɔ be wòaɖe vi ŋutɔŋutɔ na ameƒomea katã ya ɖe? Nusiawo ƒe gãtɔ kekeake ŋu koŋue míaƒe susu anɔ ne míele Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe azã la ɖum le April 8, 2001, ƒe ɣeɖoto megbe.

2 Amekae dze na míaƒe bubu gãtɔ kekeake? Biblia ɖo eŋu be: ‘Yehowa, mía Mawu, wòe dze be, nàxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã.’ (Nyaɖ. 4:11) Esi Yehowae nye Wɔla ta la, eyae nye xexeame katã Dziɖula Gãtɔ. Eƒe dzedze na bubu nu matso gbeɖe o!—Tim. I, 1:17.

3 Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi la, wɔ nusiwo ahe yayra mavɔwo vɛ na ameƒomea. Esrɔ̃ Fofoa nyuie. (Yoh. 5:19) Eƒe toɖoɖo si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o kple eƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe na ‘wòdze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu!’ (Nyaɖ. 5:12) Fofoa de bubu eŋu esi wòtsɔe ɖo fiazikpui dzi wòzu Fia. (Ps. 2:6-8) Le míawo gome la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míade bubu Fofo la kple Via siaa ŋu esi míele Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe azã la ɖum le April 8, 2001, dzi.

4 Nublanuitɔe la, ame ʋɛ aɖewo koe tsɔ bubu si dze la na Yehowa kple Via le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Israel si nye Mawu ƒe dukɔ le blema gɔ̃ hã subɔ Yehowa wònye ameŋkumenuwɔwɔ ko ɣeaɖewoɣi. Esia nye bubumadeameŋu si vɔ̃ɖi ŋutɔ. (Mal. 1:6) Bubudedeameŋu si sɔ bia toɖoɖo nuteƒewɔwɔtɔe si wotu ɖe lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo katã Yehowa kple Via wɔ na mí ŋu dzi. Bubu kple sisiɖa sia tsɔtsɔ na bia be míaɖe mawuvɔvɔ̃ kple bubu deto afia, eye míabu Yehowa kple Yesu ŋu le míaƒe nuwɔnawo katã me. Wodzea agbagba le Kristo-hamea me be woafia esia ame bubuwo ahakpe ɖe wo ŋu be woawɔ nenema.

5 Wɔna Tɔxɛ aɖe si me Míaɖe Bubu Afia Le: Ŋkuɖodzizã lae nye Yehowa ƒe amewo ƒe kpekpe vevitɔ si wowɔna ƒe sia ƒe. Ele be amesiame si di be yeasubɔ Yehowa ahade bubu eŋu la nanɔ eteƒe. (Luka 22:19) Míele mɔ kpɔm be tsɔ kpe ɖe Ðasefo miliɔn 6 siwo le dɔ dzi ŋu la, ɖetsɔlemetɔwo ana vavalawo nadzi ɖe edzi aɖo miliɔn 14 kple edzivɔ. Mɔnukpɔkpɔ nyui kae nye si wònye be míade bubu mía Fofo si le dziƒo ŋu! Togbɔ be Yesu ŋue azãɖuɖua ku ɖo hã, bubu kple sisiɖa si míeɖena fiana ɖe nusi wòwɔ ŋu la kafua Fofoa, amesi dɔe.—Yoh. 5:23.

6 Kpekpeɖeŋu kae míate ŋu ana le wɔna tɔxɛ sia me? Míate ŋu akpe ɖe ɖetsɔlemetɔ yeyewo ŋu be wòaɖe vi na wo bliboe. De dzi ƒo na wo be woayi, eye ne ehiã la, kpe ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe be woate ŋu ava ɖo afima. Ðe nuƒoa ƒe taɖodzinu me na wo. Ðe wo fia ame bubuwo. Nusi woakpɔ ahase la ate ŋu aʋã wo woadi be yewoava wɔ ɖeka kpli mí le bubudede Yehowa ŋu me.

7 Megabu ŋusẽ si wɔnaa kpɔna ɖe ame dzi nu tsɛe o. Yunivɛsitidela aɖe gblɔ be: “Mede Nuɖuɖu Kɔkɔe ɖuƒe zi geɖe le míaƒe sɔleme, gake esia ya to vovo. Mekpɔe be esia sɔ kple nusi tututu Biblia gblɔ, eye ewɔ nam be mia sie nyateƒea le.” Ete kpekpewo dede edziedzi eye exɔ nyɔnyrɔ emegbe kpuie.

8 Kpe Ðe Ame Yeyewo Ŋu be Woayi Ŋgɔ: De dzesi ame yeye siwo ava Ŋkuɖodzia, eye nàva srã wo kpɔ emegbe kpuie be nàdzro nu tuameɖo siwo wose hekpɔ la me kpli wo. Ƒo nu tso kpekpe bubu siwo me woate ŋu adzi woƒe Biblia me sidzedze ɖe edzi le ŋu na wo. Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 17 lia si ƒe tanyae nye “Kpɔ Dedienɔnɔ le Mawu ƒe Amewo Dome” me dzodzro kpli wo ana woakpɔ gbɔgbɔmemɔnuɖoɖo geɖe siwo le hamea me, siwo me woate ŋu akpɔ gome le faa. Wɔ ɖoɖo na wo be woakpɔ video si nye Our Whole Association of Brothers (Míaƒe Nɔviwo ƒe Habɔbɔ Bliboa) ale be woa ŋutɔwo nate ŋu akpɔ Yehowa ƒe amewo ƒe ɖekawɔwɔ, dzidzɔ, kple veviedodo!

9 Ele vevie be ɖetsɔlemetɔwo nasrɔ̃ alesi woa ŋutɔwo ate ŋu aɖe bubu kple sisiɖa afia Yehowae. Ðe eme be gbedodoɖa si tso dzime dzea Yehowa ŋu eye enye gbɔgbɔmeŋusẽtsoƒe ɣesiaɣi. (Yoh. I, 5:14) Zã Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 8 vaseɖe 12 tsɔ ƒo nu tso agbenɔnɔ si tɔgbe dea bubu Yehowa ŋu la ŋuti na wo. Dzro Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe axa 30-1 me nyawo me kple ame yeyewo nàtsɔ ade dzi ƒo na wo be woabu alesi woa ŋutɔwo woate ŋu akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me atsɔ ade bubu Yehowa ŋui la ŋu.

10 Míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yesu ƒe vɔsaa kple mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míanye eƒe nusrɔ̃lawo la ŋu dea bubu Fofoa ŋu eye wònyea yayra na ame bubuwo. Yesu do ŋugbe be: “Ne ame aɖe subɔam la, eya Fofo la labu.”—Yoh. 12:26.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe