INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/01 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 12
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 19
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 26
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme April 2
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 3/01 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 12

Hadzidzi 112

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

20 min: “April—Enye ‘Agbagbadzedze Kple Kutrikuku’ ƒe Ɣeyiɣi.” (Memama 1-13) Dzikpɔla zimenɔla nawɔe. Nusi míedi be míawɔ le April me la me dzodzro dzonɔamemetɔe. De dzi ƒo na hamea me tɔ ɖesiaɖe be wòawɔ eƒe akpa dzi ale be míaɖo taɖodzinu si nye be gbeƒãɖela ɖesiaɖe nakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me le ɣleti ma me gbɔ.

Hadzidzi 147 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 19

Hadzidzi 166

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

17 min: Wɔ 2001 Yearbook la Ŋudɔ Nyuie. Nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo. Dzro “2000 Grand Totals,” si le axa 31 me. Ƒo nu tso “A Letter From the Governing Body (Lɛta si tso Dziɖuha Gbɔ),” si le axa 3-5 ŋu. Na nyasela aɖewo nagblɔ Yearbook yeyea me nyatakaka alo nuteƒekpɔkpɔ aɖe si de dzi ƒo na wo hedo ŋusẽ woƒe xɔse vevie. De dzi ƒo na ƒomewo be woaxlẽ Yearbook bliboa, abe alesi Betel-ƒome siwo le xexeame godoo wɔnɛ le ƒea me ene. He susu yi nyabiabia siwo le axa 255, siwo woate ŋu azã adzro nusi wosrɔ̃ me la dzi. Na woagblɔ alesi woate ŋu azã Yearbook atsɔ akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu woakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa kple mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woanɔ eme ŋu nyuie wu.

20 min: “April—Enye ‘Agbagbadzedze Kple Kutrikuku’ ƒe Ɣeyiɣi.” (Memama 14-30) Subɔsubɔdɔdzikpɔla nawɔe. Nuƒo si ƒe akpa tiatia aɖewo anye nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Amesiame nawɔ ɖoɖo nyui akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me geɖe alesi wòate ŋui le April me. Ƒo nu tso ɖoɖo siwo katã wowɔ na kpekpe hena gbeadziyiyi le ɣletia me ŋu. De dzi ƒo na amesiame si ate ŋui be wòawɔ mɔɖeɖedɔa eye be wòaxɔ dɔbiagbalẽvi ne miekpã.

Hadzidzi 188 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 26

Hadzidzi 204

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðe eme be metsi megbe akpa be woatsɔ dɔbiagbalẽvi ana be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me o. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ ɖe Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi na April 3-8 si le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—2001 me dzi. Gblɔ ɣeyiɣi si miawɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a le Ŋkuɖodzi ƒe kwasiɖaa me. Mègaŋlɔ dutoƒonuƒo tɔxɛ si woaƒo le Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo, le April 1 dzi, si ƒe tanyae nye “Amekawoe Akpɔ Ðeɖe?” la be o. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me le ŋkeke ma ke dzi, wòana be míadze April gɔme nyuie.

20 min: “Mina Mí Katã Míade Bubu Yehowa Kple Via Ŋu.” Hamemegã ƒe nuƒo ʋãme si tso Ŋɔŋlɔawo me. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le dɔ tɔxɛ si ƒe ɖoɖo wowɔ na April me bliboe alesi wòate ŋui eye wòadze agbagba geɖe wu akpe amewo va Ŋkuɖodzia ɖuƒe.

15 min: Dzadzraɖowɔwɔ ɖe Magazinenana Ŋu. Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! le April me. Dzro October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 8, memama 3 kple 10 lia me. Te gbe ɖe (1) nyati, (2) dzeɖonya si sɔ, (3) biabia si anyɔ ɖetsɔleme, kple (4) mawunyakpukpui si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu si woate ŋu azã nyuie le magazine yeyeawo dometɔ ɖesiaɖe nana me dzi. Midze agbagba miazã Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa alo Sidzedze-gbalẽa atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme kple ɖetsɔlemetɔwo. Wɔ alesi woate ŋu awɔ esia le yiyi zi gbãtɔ me ƒe wɔwɔfia si ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie tsɔ ƒo etae.

Hadzidzi 207 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme April 2

Hadzidzi 220

9 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ eƒe March gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔntabubu ana. Dzro “Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo” me.

18 min: “Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí be Míaɖe Gbeƒã.”a Te gbe ɖe mawunyakpukpui siwo le nyatia me dzi. Gblɔ nya siwo le Insight, Babla 2 lia, axa 673, memama 1 me kpee. Na gbeƒãɖela si le dɔ dzi ƒe geɖe enye sia nagblɔ alesi lɔlɔ̃ na Mawu ʋãnɛ be wòayi gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzi. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woakpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔa me le April kple ɣleti siwo katã akplɔe ɖo me.

18 min: “Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woayi Kpekpewo.”b July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽ, memama 14-16, ɖo aɖaŋu bubuwo le Biblia-nusrɔ̃viwo ƒe susu hehe va habɔbɔa dzii ŋu. Ðe alesi woate ŋu azã Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa (nusɔsrɔ̃ 5, memama 7) kple Sidzedze-gbalẽa (ta 5, memama 22) siaa le yiyi zi gbãtɔ megbe kpuie atsɔ ade kpekpewo yiyi ƒe dzi ƒoe me. Na woawɔ gbeƒãɖela bibi si le dzi dem ƒo na nusrɔ̃vi aɖe vividoɖeameŋutɔe be wòabu kpekpewo vava ŋu vevie la ƒe wɔwɔfia si ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie atsɔ awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui.

Hadzidzi 47 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro eme.

b Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro eme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe