Ðo Wò Nusrɔ̃vi ƒe Dzi Gbɔ
1 Hafi Yesu nayi dziƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woafia nu ame bubuwo ne “woawɔ” nusiwo katã yeɖo na wo la dzi. (Mat. 28:19, 20) Ne ame aɖe ava ‘wɔ’ ɖe Kristo ƒe sededewo dzi la, ele be nyaa naɖo eƒe dzi gbɔ. (Ps. 119:112) Aleke nàte ŋu aɖo amesi nèle Biblia srɔ̃m kplii ƒe dzi gbɔ?
2 Do Gbe Ða Nàbia Yehowa ƒe Mɔfiafia: Mawu ƒe dɔe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nye. Eƒe Yayra ɖe dɔa dzie le vevie na dzidzedzekpɔkpɔ, ke menye míaƒe ŋutetewoe o. (Dɔw. 16:14; Kor. I, 3:7) Eyata gbedodoɖa abia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu le nyateƒea fiafia ame bubuwo me le vevie.—Yes. 50:4.
3 Nya Nusi Nusrɔ̃via Xɔ Se: Nusi nye amewo ƒe dzixɔse kple nusita dzixɔse mawo le wo si nyanya ate ŋu ana míanya nusi míagblɔ wòaɖo woƒe dzi gbɔ. Nukatae nufiafia aɖe koŋ lé dzi na nusrɔ̃vi aɖe? Nukae na wòxɔe se be nyateƒee? Nusiawo nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míagblɔ nya si dze na wo.—Dɔw. 17:22, 23.
4 Wò Nyagbɔgblɔwo Nasɔ Ðe Ŋɔŋlɔawo Nu, Gɔmesese Nanɔ Wo Ŋu: Ele be gɔmesese nanɔ nyateƒea ŋu na nusrɔ̃via. (Dɔw. 17:24-31) Ele be míana míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋuti gɔmesese nyui. (Pet. I, 3:15) Gake wɔ esia le dɔmenyonyo kple dzigbɔgbɔ blewu me ɣesiaɣi.
5 Zã Kpɔɖeŋuwo Tsɔ Te Gbe Ðe Edzi: Menye ɖeko kpɔɖeŋuwo wɔnɛ wònɔa bɔbɔe na nusrɔ̃via be wòsea nu gɔme o, ke boŋ ewɔa dɔ ɖe eƒe seselelãmewo hã dzi. Wowɔa dɔ ɖe susu kple dzi siaa dzi. Yesu zã wo enuenu. (Mar. 4:33, 34) Gake hafi kpɔɖeŋua naɖe vi la, ele be wòasɔ kple nyati si me dzrom miele eye wòaku ɖe nusrɔ̃via ƒe agbenɔnɔ ŋu.
6 Na Wòakpɔ Viɖe Siwo Le Nyateƒea Xɔxɔ Me: Amewo dina be yewoanya viɖe siwo le nusi yewosrɔ̃ ŋudɔwɔwɔ me. Kpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ nunya si le Paulo ƒe nya siwo le Timoteo II, 3:14-17 me adze sii.
7 Dzi megaɖe le ƒowò ne wo dometɔ aɖewo meɖo to wò nufiafia o. Menye dziwo katãe sea nu gɔme o. (Mat. 13:15) Gake ame aɖewo te ŋu va xɔa nyaa. (Dɔw. 17:32-34) Neva eme be wò agbagbadzedze be yeatsɔ nyanyuia aɖo amewo ƒe dzi gbɔe nakpe ɖe ame geɖe wu ŋu be woaxɔ nusiwo ƒe se Yesu de ‘ahawɔ’ wo dzi.