INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/93 axa 1
  • Ðo Wò Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Dzi Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðo Wò Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Dzi Gbɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Lé Ŋku Ðe Wò “Nufiafiaɖaŋu” Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Dzra Ðo Nyuie Ðe Nufiafia Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Evelia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 12/93 axa 1

Ðo Wò Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Dzi Gbɔ

1 Ðe nèdi be wò Biblia-nusrɔ̃vi nawɔ nusiwo srɔ̃m wòle ŋudɔa? Ele be wòawɔ wo dzi ne edi be sidzedze si le ye si sum la naɖe vi na ye. Be nàʋã wò Biblia-nusrɔ̃vi be wòawɔ nusi srɔ̃m wòle dzi la, ele be naɖo eƒe dzi gbɔ. Le ƒe 33 M.Ŋ. la, apostolo Petro ƒe nuƒo ʋãme la ‘tɔ dzi’ na ame 3,000 siwo ‘xɔ nya la kple dzi blibo,’ eye wonyrɔ̃ wo gbemagbe. (Dɔw. 2:37, 41) Aleke nàwɔ aɖo wò Biblia-nusrɔ̃vi ƒe dzi gbɔ?

2 Dzra ɖo nyuie: Mègadze agbagba be yeasrɔ̃ nu geɖe akpa be ɣeyiɣi maganɔ anyi nàtsɔ ade ŋugble tso nyatia ŋu kple nusrɔ̃via o. De dzesi nya siwo dzi nèdi be yeate gbe ɖo la do ŋgɔ, eye nàkpɔ egbɔ be yese ŋɔŋlɔawo gɔme eye yeate ŋu afia alesi wòazãe le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me lae nyuie. Bu biabia siwo ava susu me na nusrɔ̃via le afisi wòtso alo sidzedze si le esi la ta ŋu. Ne ènya wò nusrɔ̃via nyuie la, sidzedze sia akpe ɖe ŋuwò be nàdzra ɖo ɖe nya si tututu asɔ nɛ ŋu.

3 Srɔ̃ Yesu ƒe Nufiafiamɔnu: Yesu wɔ kpɔɖeŋuwo tsɔ na nya sesẽwo gɔme nya se na amewo eye ezãe tsɔ kpe ɖe wo ŋu be wose nuwo kple dɔ si wòle be woawɔ ɖe wo dzi la gɔme. (Luka 10:29-37) Nenema ke ne wò hã èna wò kpɔɖeŋuwo le bɔbɔe eye nètsɔ agbemenu siwo ŋu amewo nya nu le nyuie tsɔ wɔ woe, eye nèna wòsɔ ɖe nusrɔ̃via ƒe nɔnɔmewo nu la, wò hã ate ŋu ana nufiafia nyuiwo natsi eƒe dzi me.

4 Abe alesi Yesu wɔe fia zi geɖe ene la, nusi koŋ kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ le Biblia-nusrɔ̃viwo ƒe dzi gbɔ ɖoɖo mee nye nyabiabiawo. (Luka 10:36) Gake ne nusrɔ̃via xlẽ ŋuɖoɖoa tso agbalẽa me ko la, eya ɖeɖe megasɔ gbɔ na wò o. Bia nya siwo nana wobua tame atsɔ akpe ɖe eƒe susu ŋui be wòaɖo nyataƒonya si ŋu mabu tsã o la gbɔ. Ewɔwɔ alea hã kpena ɖe nusrɔ̃via ŋu be tamebubuŋutete ɖoa esi. Bia nukpɔsusubiabiawo be nànya nusi eya ŋutɔ xɔ se le nya aɖe ŋu. Ke emegbe àte ŋu abu tame le afisiwo wòhiã kpekpeɖeŋu le ŋu, eye àte ŋu anɔ kpekpem ɖe eŋu le nusiawo koŋ gome wu.

5 Ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe mele ŋgɔyiyi wɔm o la, ele be nàkpe ɖe eŋu wòakpɔ nusi le mɔ xem nɛ adze sii. Esia wɔwɔ ate ŋu abia be nàva srãe kpɔ ɣebubuɣi siwo menye miaƒe nusrɔ̃ɣiwo o. Nukatae wòle hehem ɖe megbe? Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafia aɖe mee mekɔ nɛ oa? Ðe tɔtrɔ aɖewo li si wòle be wòawɔ le eƒe agbenɔnɔ me si medi be yeawɔ oa? Ne Biblia-nusrɔ̃via di be ‘yeanɔ adzɔeve ɖum’ la, kpe ɖe eŋu be wòakpɔ afɔku si le esia wɔwɔ me adze sii.—Fia. I, 18:21.

6 Apostolo Paulo kpɔe dze sii be Biblia me nyateƒeawo fiafia ɖetsɔlemetɔwo nye agbeɖeɖedɔ, eye eyata exlɔ̃ nu Kristotɔwo katã be ‘woalé ŋku ɖe woƒe nufiafia ŋu ɣesiaɣi.’ (Tim. I, 4:16) Menye Biblia me nyateƒewo kple xexeamenudzɔdzɔwo koe wòle be amesiwo nèwɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii la nanya o. Ele be Yehowa kple Yesu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si eye woakpe ɖe ŋu be ƒomedodo nyui naɖo eya kple wo dome. Ne wowɔ esia ko hafi wòaʋã wo be woatsɔ dɔwɔwɔwo aɖe woƒe xɔse fiae. (Yak. 2:17, 21, 22) Ne nya la ɖo nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔ la, aʋãe be wòawɔ nusi adze Yehowa ŋu si akpɔ eya ŋutɔ hã ƒe agbe ta.—Lod. 2:20-22.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe