INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/01 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 8/01 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ siwo míana le August me: Míate ŋu ana axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, “Kpɔ Ða! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeyee,” Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, The Divine Name That Will Endure Forever, Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?, kple Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku. Le afisiwo wòasɔ le la, míate ŋu ana agbalẽ gbadza siwo nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, Our Problems—Who Will Help Us Solve Them?, Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?, kple Will There Ever Be a World Without War? September: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? October: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nana. Miate ŋu ado Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nudɔdɔ ɖe amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia ne mietrɔ yi wo gbɔ la gbɔ. November: Nukae Mawu Di tso Mía Si? alo Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Ne esia le amewo si xoxo la, míana Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee alo agbalẽ bubu ɖesiaɖe.

◼ Zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le September 1 dzi alo le emegbe kpuie. Ne miewɔe vɔ la, miɖe gbeƒã tso eŋu na hamea le gakɔntabubu si miagaxlẽ la megbe.

◼ Hamewo nadze ƒe 2002 Calendar of Jehovah’s Witnesses dɔdɔ kpe ɖe woƒe September agbalẽnudɔdɔwo ŋu.

◼ Míele agbalẽvi siwo míazã le ƒe 2002 subɔsubɔƒea me dometɔ aɖewo ƒe agbɔsɔsɔ si sɔ ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Taflatse mizã agbalẽvi siawo nyuie. Mizã wo ɖe taɖodzinu siwo ta wota wo ɖo ŋu ko. Ku ɖe agbalẽvi siwo hamea adɔ ŋu nyawo ŋu la, taflatse míkpɔ Watchtower Literature Request Guide Akpa 9 lia, axa 1.

◼ Mixlẽ agbalẽ kple magazine siwo susɔ ɖe hamea si le August 31, 2001 dzi alo miaxlẽ wo ne ɣeyiɣi sia le ɖoɖom alo le emegbe teti. Agbalẽxexlẽ sia sɔ kple esi agbalẽwo ƒe ɖoɖodzikpɔla wɔna ɣleti sia ɣleti eye miŋlɔ wo katã ƒe xexlẽme ɖe “Literature Inventory” (S-18) gbalẽvi dzi. Miate ŋu anya magazine siwo li ƒe xexlẽme tso magazine dzikpɔla siwo le hame ɖesiaɖe si le agbalẽmama ɖoɖoa ƒe ƒuƒoƒoa me la gbɔ. Míaɖo “Literature Inventory” (S-18) gbalẽvi etɔ̃ ɖe hame ɖesiaɖe si kpɔa agbalẽdɔdɔnyawo gbɔ. Taflatse miɖo agbalẽvi si dzi mieŋlɔ nuawo ɖo dometɔ ɖeka ɖe Habɔbɔa megatsi megbe wu September 6 lia o. Mida kɔpi evelia ɖe miaƒe nuŋlɔɖiwo dzraɖoƒe. Miate ŋu azã agbalẽvi etɔ̃lia hena dzesidede nuwo. Hame si kpɔa agbalẽdɔdɔnyawo gbɔ ƒe agbalẽŋlɔla nakpɔ agbalẽawo xexlẽ dzi. Eya kple hame si kpɔa agbalẽdɔdɔnyawo gbɔ ƒe dzikpɔla zimenɔla nade asi agbalẽvia te.

◼ Hamea ƒe agbalẽŋlɔla naƒo ƒu subɔsubɔƒea ƒe nuŋlɔɖiwo katã eye woade wo “Congregation Analysis Report” (S-10) gbalẽvia dzi. Ele be wòana mɔfiame si me kɔ hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla si akpe ɖe eŋu le nuŋlɔɖia nuƒoƒoƒu me. Esia ana be nyatakaka siwo le “Congregation’s Publisher Record” (S-21) gbalẽvia dzi nade pɛpɛpɛ. Ele be hamea ƒe subɔsubɔ kɔmiti natsɔ ŋuɖɔɖɔɖo ato “Congregation Analysis Report” (S-10) gbalẽvi si wokpe ɖo nyuie wòle dzadzɛ me hafi aɖoe ɖa le September 10 lia dzi.

◼ Tso ƒe sia me la, gbesiagbe mɔɖela siwo metsi o madze ade Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Sukua le subɔsubɔƒe sia ƒe gɔmedzedze o, negbe amea axɔ ƒe 16 le September 1 dzi le ƒe si me woawɔ sukua. Gake woaɖe mɔ na mɔɖela si mexɔ ƒe ma haɖe o evɔ edzila si hã nye mɔɖela dze ade sukua kplii.

◼ Míetsɔ kokoƒoƒo le ŋku ɖom edzi na amesiwo katã ɖia tsa va Betel be woagage ɖe ɔfis alo dɔwɔƒe bubu aɖeke o, nenye be wonya teƒea kura gɔ̃ hã o. Ele be amesiawo naƒo ka na dɔwɔƒea alo amea le Amedzroxɔƒea gbã ɣesiaɣi eye wòalala vaseɖe esime wobia tso wo si be wòava hafi. Míele akpe geɖe dam na mí le nuwɔwɔ aduadu kpli mí alea ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe