Ghana Betel Kekeɖenudɔa Ŋu Nyatakaka
Aleke dɔa yi edzi le August mee? Tsidzadza dzi ɖe kpɔtɔ le Accra ƒe akpa sia eye Fiaɖuƒe Akpata, Amedzroxɔƒe yeyea, kple xɔdɔme yeye etɔ̃awo katã ƒe gɔmeɖoanyiwo ƒe kɔnkrit kɔkɔ ɖe tome dɔa yi edzi dzidzedzetɔe. Dɔ gã wònye míewɔ. Míaƒe xɔtudɔwɔla veviedonulawo dze agbagba ɖe do na xɔawo ƒe gɔmeɖoanyi siwo ade meta 1,500 togodoo helɔ ke le eme, wobla eye woɖo gayibɔ sesẽ siwo ne wotsiãe ɖe enu la, ade kilometa 16, bene ŋusẽ nanɔ gɔmeɖonyiawo ŋu hafi wokɔ kɔnkrit agbɔsɔsɔme si ade meta 1,500 togodo ɖe doawo me.
Gakpe ɖe eŋu la, míedze anyigba si le modzakaɖeƒe kple tsi gbegblẽ gbugbɔɖɔɖoƒea ŋu godoo hã dzi dzadzraɖo dɔwo gɔme. Míedze mɔdodo vovovo siwo ayi xɔdɔme yeyeawo gbɔ ƒe dɔwo hã gɔme. Ne enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, míakɔ xɔdɔmeawo ƒe anyigba kɔnkrit la le September me. Míedi be míagagblɔe ake be míekpɔ ŋudzedze ɖe miaƒe alɔdodo mí le gbedodoɖa me ŋu.