Fiaɖuƒe Akpata Tutu Ŋu Nya Yeyewo
Hame geɖe di be yewoanya alesi Fiaɖuƒe Akpata Tuɖoɖo yeyea le dɔ wɔmee fiafia. Le August si va yi me la, wokɔ Fiaɖuƒe Akpata eve ŋu na Yehowa le Accra. Dɔa le edzi yim nyuie le Accra eye wole anyigba geɖe ƒlem ale be woate ŋu atu Fiaɖuƒe Akpata yeyewo. Nɔviŋutsu ene le dɔwɔƒe yeye sia si le Betel fifia, amesiwo ƒe dɔ koŋ enye anyigbatata, anyigbaƒeƒle, kple anyigba si le hame aɖe si la dede agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ hena Fiaɖuƒe Akpatawo tutu.
Ne míelé ŋku ɖe hiahiã kpata si le Accra godo ŋu la, míeva kpɔe be nɔviwo hiã kpekpeɖeŋu geɖe bene nuwo nazɔ ɖe ɖoɖo nu kabakaba. Míele biabiam tso nɔviwo si be woalé dzi ɖe ƒo esi Fiaɖuƒe Akpata Tudɔdzikpɔƒea le ɖoɖowo wɔm be woatsɔ akpɔ nya siawo gbɔe. (Heb. 6:12; Yak. 5:7) Teƒe si sɔ hena tadedeagu na Yehowa ƒe hiahiã la lolo ŋutɔ le Ghana. Míekpɔa ŋudzedze geɖe ɖe miaƒe gbedodoɖa ɣesiaɣi be dɔa naɖe zɔ kabakaba la ŋu. Azɔ hã, míekpɔa ŋudzedze geɖe ɖe ga kple dɔsesẽwɔwɔ ƒe kpekpeɖeŋu si mietsɔ doa alɔ ɖoɖo yeye sia la ŋu vevie.—Kol. 3:23.