Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le March me: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba ɖesiaɖe adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme. April kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo nana. Gbeƒãɖelawo nagblɔ na aƒemenɔlawo be woate ŋu adzɔ nu faa atsɔ ado alɔ xexeame katã ƒe dɔa. Ne woɖe ɖetsɔleme fia la, mina Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza eye miadze agbagba adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. June: Nukae Mawu Di tso Mía Si? alo Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Ne agbalẽ siawo le aƒemenɔlawo si xoxo la, ekema mina agbalẽ gbadza bubu ɖesiaɖe si le hamea si.
◼ Gbeƒãɖela siwo di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me nawɔ ɖoɖo fifia axɔ dɔbiagbalẽvia kaba akpee ɖo. Esia akpe ɖe hamemegãwo ŋu be woawɔ ɖoɖo siwo hiã na gbeadzisubɔsubɔdɔa eye woadɔ magazinewo kple agbalẽ bubu siwo hiã do ŋgɔ. Ele be woayɔ amesiwo katã wokafu be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ŋkɔwo na hamea ɣleti sia ɣleti.
◼ Míaɖu Ŋkuɖodzia le Yawoɖagbe, March 28, 2002, dzi. Ne miaƒe hamea wɔa kpekpe le Yawoɖagbe la, ele be woatrɔ esia ada ɖe ŋkeke bubu dzi le kwasiɖaa me ne Fiaɖuƒe Akpataa avo. Ne manya wɔ o la, ekema miate ŋu atsɔ Subɔsubɔ Kpekpea ƒe akpa siwo aɖe vi na miaƒe hamea ade Subɔsubɔ Kpekpe bubu me.
◼ Alɔdzedɔwɔƒea mekpɔa ame ɖekaɖekawo ƒe agbalẽnudɔdɔwo gbɔ o. Dzikpɔla zimenɔla nana woaɖe gbeƒã ɣleti ɖesiaɖe hafi woaɖo hamea ƒe ɣleti sia ɣleti ƒe agbalẽnudɔdɔwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea ale be amesiwo katã di be yewoadɔ agbalẽ aɖe la nana nɔvi si kpɔa agbalẽwo dzi nanya. Taflatse agbalẽ siwo ŋu ɖoɖo tɔxɛ le la nanɔ susu me na mi.
◼ Ele vevie be ne ame 20 alo esi wu nenema ƒe ƒuƒoƒo le ɖoɖo wɔm be yewoava ɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒea la, woaŋlɔ lɛta ana nyanya do ŋgɔ. Woaɖo lɛta sia ɖe Watch Tower Society, P. O. Box GP 760, Accra. Taflatse miŋlɔ ame agbɔsɔsɔme si gbɔna, ŋkekea, kple game si miava ɖo. Hafi miava la, taflatse midzro March 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka si ƒo nu tso awudodo kple dzadzraɖo le nɔnɔme nyuitɔ me hafi ava Betel ŋu la me.
◼ Fifia wole Gbetakpɔxɔ si ƒe nuŋɔŋlɔ lolo tam ɖe Efik, Igbo, kple Yoruba gbewo me.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:
Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me (Nuŋɔŋlɔ lolotɔ)—Eŋlisigbe
Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II (Nuŋɔŋlɔ lolotɔ)—Eŋlisigbe
◼ Kasɛt Yeye Siwo Li:
Respect Jehovah’s Authority—Eŋlisigbe
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo—Eŋlisigbe, Twi
Questions Young People Ask—Answers That Work—Eŋlisigbe