Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ
Esi míedze ƒe alafa 21 lia gɔme la, enye dzidzɔ na mí be míaŋlɔ agbalẽ na mi, ‘nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa katã’ le xexeame godoo, atsɔ akafu mi ɖe miaƒe dɔsesẽwɔwɔ ta. (Pet. I, 2:17) Anye ƒe 2,000 kloe enye sia la, Yesu bia be: “Ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?” (Luka 18:8) Dɔ si miewɔ dzonɔamemetɔe le subɔsubɔƒe si va yi me la ɖo Yesu ƒe biabia sia ŋu sesĩe be, ẽ! Woɖe alɔme le mia dometɔ aɖewo ŋu heɖu fewu le mia ŋu le xɔse si le mia si ta. Miedo dzi to aʋawɔwɔ, afɔkudzɔdzɔwo, dɔléle, alo dɔwuame me le teƒeteƒewo. (Luka 21:10, 11) Le dzo si le mia me ɖe nusiwo le dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu ta Yesu agate ŋu ‘akpɔ xɔse le anyigba la dzi.’ Nyateƒee, dzidzɔ gãe nusia nyena le dziƒo!
Míenya be dzi menya dona o. Mibu fu siwo mía nɔviwo kpe le ɣetoɖoƒe Asia dukɔ aɖe me ŋu kpɔ. Ŋutasesẽnuwo wɔwɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu bɔ ɖe dukɔ ma me. Nyitsɔ laa, kpovitɔwo va gblẽ takpekpe aɖe si wɔm amesiwo ade 700 nɔ le ŋutifafa me la me. Woxe mɔa le teƒeteƒewo ale be ame 1,300 bubuwo mete ŋu de o. Nuvlowɔha siwo ɖɔ amemo, amesiwo dometɔ aɖewo nye kpovitɔwo, va ƒo ɖe takpekpewɔƒea bibibi, woƒo takpekpevala geɖe, eye wotɔ dzo teƒe si wodzra ɖo na takpekpea wɔwɔ. Ɣebubuɣiwo subɔsubɔha ƒe nugbɔmewɔlawo tsɔ kpo siwo nu woƒo gatagbadzɛ ɖo ƒo mía nɔviwo ŋutasesẽtɔe.
Amedzidzedze siawo wɔ nublanui gake menye nukunya na mí o. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ be: “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Tim. II, 3:12) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wogblɔ busunyawo ɖe Kristotɔwo ŋu eye woti wo yome, wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. (Dɔw. 5:40; 12:2; 16:22-24; 19:9) Nenema ke wòdzɔe le ƒe alafa 20 lia me, eye ɖikekemanɔmee la, nenema ke wòagayi edzii le ƒe alafa 21 lia sia me. Ke hã Yehowa gblɔ na mí be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o.” (Yes. 54:17) Kakaɖedzi wɔnuku ka gbegbe nye esi! Le nyateƒe me, míexɔ asi na Yehowa ale gbegbe be wòto eƒe nyagblɔɖila Zaxarya dzi gblɔ be: “Amesi ka asi mia ŋu la, eka asi [nye] ŋkuvi ŋu.” (Zax. 2:12) Mlɔeba la, aʋadziɖuɖu mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na Yehowa subɔlawo ƒe futɔwo o. Tadedeagu dzadzɛtɔ aɖu dzi kokoko!
Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ si ƒe nya míegblɔ va yi me la, Yehowa Ðasefowo kpɔ gbeƒãɖelawo ƒe dzidziɖedzi yeye zi gbɔ zi eve siwo nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔwo kekeake le ƒe 2001 subɔsubɔƒea me. Vavãe, mía nɔviwo le dɔa dzi madzudzɔmadzudzɔe le afima abe alesi wòle le afisiafi ene togbɔ be wole fu geɖe kpem hã. Le subɔsubɔƒe si va yi me la, ame 5,066 ye xɔa nyɔnyrɔ kwasiɖa sia kwasiɖa le xexeame godoo tsɔ wɔa woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui. Ame yeye siawo ɖoe be ‘yewoanɔ tsitre bliboe kple kakaɖedzi sẽŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti’ abe mía dometɔ susɔeawo ene.—Kol. 4:12.
Bu nusiwo dzɔ nyitsɔ laa le Greece hã ŋu kpɔ. Togbɔ be Greece Orthodɔks Ha la tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu sesĩe ƒe gbogbo aɖewoe nye sia hã la, fifia dziɖuɖua da asi ɖe edzi be Ðasefowo nye “subɔsubɔha si wonya.” Agbalẽ si da asi ɖe wo dzi gblɔ kpee be Greece Betel-ƒe la nye “subɔsubɔwɔƒe kɔkɔe si wotsɔ ɖe adzɔgbe na tadedeagu na Mawu.” Enye dzidzɔ na mí be míana mianya hã be le subɔsubɔƒe si va yi me la, ʋɔnudrɔ̃ƒewo tso afia siwo de míaƒe tadedeagua dzi na mí le Bulgaria, Canada, Germany, Japan, Romania, Russia, kple United States. Aleke gbegbe míedaa akpe na Yehowa be ena ʋɔtrua le ʋuʋu ɖi na dɔa wɔwɔ le dukɔ mawo me enye esi!
Ne míede ŋugble le mɔ siwo nu Yehowa le megbe na eƒe amewo le ŋkeke mamlɛ siawo me ŋu la, edzena na mí kɔte be eyae nye Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si míate ŋu adze. Edzɔa dzi na mí vevie be ƒomedodo le mía kplii dome, elabena míenya be elɔ̃ mi, efiaa nu mí, eye wòɖɔa mí ɖo. Míayi edzi anya nɔ go dom xɔse ƒe dodokpɔwo ya. Gake Yehowa dzixɔse maʋãmaʋãe alé mí ɖe te. Yakobo ŋlɔ be: “Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ, esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo.” (Yak. 1:2, 3) Gawu la, míaƒe dzidodo ɖea alesi gbegbe míelɔ̃ Yehowae fiana, eye esia nyea dzidzɔ na mí ale gbegbe! Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, kakaɖedzi nenɔ mia si be Yehowa alé mía dometɔ ɖesiaɖe ɖe te. Ne míelé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, akpe ɖe mía ŋu míaɖo nuɖoanyi yeyea me godoo. Edi be míakpɔ dzidzedze.
Eyata míele nu xlɔ̃m mi nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, be yayra wɔnuku siwo le ŋgɔ na mí la nanɔ susu me na mi vevie. Mina míaɖe nɔnɔme si ɖi apostolo Paulo tɔ afia, esi wòŋlɔ be: “Mebuna bena, ɣeyiɣi sia me fukpekpewo medze ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia le mía ŋuti la o.” (Rom. 8:18) Miziɔ ɖe Yehowa ŋu le dodokpɔ ɖesiaɖe si miado goe me. Mido dzi, eye migalɔ̃ ana ta akpɔ gbeɖe o. Mave mi be miewɔe alea gbeɖegbeɖe o. Mawu ƒe Nya la ka ɖe dzi na mí be: “Ame dzɔdzɔe ya anɔ agbe to eƒe xɔse me.”—Xab. 2:4.
Mia nɔviwo,
Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha