INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/03 axa 6
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 2/03 axa 6

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Woadzro biabia siwo gbɔna me eye woagblɔ ŋuɖoɖoawo tẽ le February 24, 2003, ƒe kwasiɖaa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Sukudzikpɔlaa akpɔ miniti 30 ƒe numetotobiabia si wotu ɖe January 6 vaseɖe February 24, 2003, ƒe dɔdasiwo dzi la dzi. [Mide Dzesii: Le biabia siwo yome womefia asi nyawo tsoƒe o la, ahiã be wò ŋutɔ nàwɔ wò numekuku be nàke ɖe ŋuɖoɖoawo ŋu.—Kpɔ Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 36-7.]

NUƑOƑO ƑE NUDIDIWO

1. Nyateƒee alo Aʋatsoe: Nu vevi si ana woaxlẽ nu nyuie enye be woakpɔ egbɔ be nusi woxlẽ la nya se, nenye be mesɔ tututu kple nusi woŋlɔ ɖe agbalẽa me o gɔ̃ hã. Ðe eme. [be-EW axa 83]

2. Gblɔ Nya si(wo) Akpe Nyagbɔgblɔ Sia Ðo: Be ame naxlẽ nu nyuie la, ele be _________________________ , _________________________ , _________________________ eye wòaxlẽe kple gbe si kɔ dzi. [be-EW axa 85]

3. Nukatae wòle vevie be nàƒo nu eme nakɔ nyuie? (Kor. I, 14:8, 9) [be-EW axa 86]

4. Nukawoe ate ŋu awɔe be nuƒo me makɔ o, eye nukae míate ŋu awɔ be míaƒo nu eme nakɔ nyuie wu? [be-EW axa 87-8]

5. Nya kawoe wozã le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le ɣleti eve siwo va yi me siwo nèkpɔ be ehiã be yeadze agbagba anya alesi woyɔa wo nyuie? [be-EW axa 92]

DƆDASI GBÃTƆ

6. Nyateƒee alo Aʋatsoe: Míaƒe ŋkuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo to. Ðe eme. [be-EW axa 14]

7. Gblɔ Nya si(wo) Akpe Nyagbɔgblɔ Sia Ðo: _________________________ , _________________________ , kple _________________________ wo katã nye ɣeyiɣi ƒe dzesidenu siwo Mawu wɔ. [si axa 279 mm. 7]

8. Gblɔ Nya si(wo) Akpe Nyagbɔgblɔ Sia Ðo: Le Biblia ƒe nyagbɔgblɔ nu la, nya “ŋkeke” ate ŋu afia ɣeyiɣi ƒe didime siwo nye gaƒoƒo _________________________ , gaƒoƒo _________________________ , ƒe _________________________ , alo ƒe _________________________ ; nyati si ŋu wole nu ƒom tsoe ye afia ɣeyiɣi si tututu ŋu wòku ɖo. [si axa 279 mm. 8]

9. Aleke Xana, Marko, kple Eliya ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpe akɔ kple dziɖeleameƒoe? Aleke míate ŋu azã kpɔɖeŋu siawo atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋui? [w01-EW 2/1 axa 20-3]

10. Aleke blema lãmesẽfefewɔnawo gɔmesese kpe ɖe mía ŋu be míase mawunyakpukpui aɖewo gɔme nyuie wu? Aleke wòle be nyatakaka sia nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzii? [w01-EW 1/1 axa 28-31]

KWASIÐA SIA KWASIÐA ƑE BIBLIA XEXLẼ

11. Nyateƒee alo Aʋatsoe: Esi wònye woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me ta la, magasɔ be woado gbe ɖa be, “Wò fiaɖuƒe nava!” o. (Mat. 6:10) Ðe eme. [be-EW axa 279; w96-EW 6/1 axa 31]

12. Nyateƒee alo Aʋatsoe: Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 11:24 fia be woafɔ amesiwo Yehowa tsrɔ̃ kple dzo le Sodom kple Gomora la ɖe tsitre. Ðe eme.

13. Tia Ŋuɖoɖo si Sɔ: Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela si Yesu yɔ le Mateo 24:45-47 la nye (a) Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha; (b) Kristotɔ amesiaminawo katã siwo nye ƒuƒoƒo ɖeka le anyigba dzi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me; (d) Yesu Kristo ŋutɔ. Dɔla sia naa gbɔgbɔmenuɖuɖu ‘aƒea me tɔwo,’ siwo nye (a) amesiamina ɖekaɖekawo; (b) alẽ bubuawo; (d) amesiwo katã xlẽa Kristotɔwo ƒe agbalẽwo. Aƒetɔ la ɖo dɔla la ɖe eƒe nuwo katã nu le ƒe (a) 1914; (b) 33 M.Ŋ.; (d) 1919 me.

14. Tia Ŋuɖoɖo si Sɔ: Ðɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋu si le Mateo 13:47-50 la lɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha kpakple (a) Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea; (b) woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo; (d) Kristodukɔa, siaa ɖe eme.

15. Abe alesi Yesu ƒe nya si woŋlɔ ɖe Mateo 5:24 fia ene la, nukae wòle be nàwɔ ne èkpɔe be yeda vo ɖe hati mawusubɔla aɖe ŋu? [g96-EW 2/8 axa 24-5 (Eŋlisigbe me tɔ, axa 26-7)]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe