INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 3 axa 89-axa 91 mm. 5
  • Nyawo Yɔyɔ Wòasɔ Pɛpɛpɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyawo Yɔyɔ Wòasɔ Pɛpɛpɛ
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Míazã Mawu Ƒe Ŋkɔ Ne Ŋkɔa Ƒe Yɔyɔ Ŋutɔŋutɔ Mele Nyanya O?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • “Yehowa” alo “Yahweh”?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Kpɔ Viɖe Tso Ƒe 1996 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me—akpa 3
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ame Kae Nye Yehowa?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 3 axa 89-axa 91 mm. 5

NUSƆSRƆ̃ 3

Nyawo Yɔyɔ Wòasɔ Pɛpɛpɛ

Nukae wòle be nàwɔ?

Yɔ nya ɖesiaɖe wòasɔ pɛpɛpɛ. Esia fia be (1) nàyɔ nyawo alesi wòle be woayɔ woe, (2) nàkɔ gbe dzi le nukɔkɔ(wo) dzi afisi wòhiã le, eye (3) le gbe vovovowo me la, nàyɔ nya ɖe nyayɔyɔdzesiawo nu.

Nukata Wòle Vevie?

Nyayɔyɔ wòasɔ pɛpɛpɛ dea bubu míaƒe gbeƒãɖeɖea ŋu. Enana nyaselaa ƒe susu nɔa míaƒe gbeƒãɖeɖea ŋu tsɔ wu be wòanɔ vodada siwo ɖewohĩ wodze le míaƒe nyayɔyɔ me ŋu.

MENYE Kristotɔwo katãe de suku de ŋgɔ o. Wogblɔ le Petro kple Yohanes ŋu kura gɔ̃ hã be wonye ‘ame tsɛ siwo mede rabiwo ƒe suku o.’ (Dɔw. 4:13) Togbɔ be ele alea hã la, ele vevie be nàƒo asa na nyayɔyɔ madzeto si awɔe be amewo matsɔ bubu si dze na Biblia ƒe nyateƒea si ŋu nya gblɔm nèle o.

Nusiwo Wòle Be Nànya. Gbegbɔgblɔ vovovowo kple woƒe nyayɔyɔ ŋuti se vovovowoe li. Alfabeta ƒe ŋɔŋlɔdzesiwoe wotsɔ ŋlɔ gbegbɔgblɔ geɖee. Tsɔ kpe ɖe Latingbe me ŋɔŋlɔdzesi siwo me woɖe Eʋegbe tɔawo tsoe ŋu la, ŋɔŋlɔdzesi bubuwo hã li abe Arab, Cyril, Hela, kple Hebri ŋɔŋlɔdzesiwo ene. Ðe alfabeta ŋɔŋlɔdzesiwo teƒe la, wozãa ŋɔŋlɔdzesi siwo le abe nutatawo ene le Chinagbe me. Le Chinagbe me la, nutata ƒokpli te ŋu nɔa tsitre ɖi na nyakui ɖeka alo nyakui ƒe akpa aɖe zi geɖe. Togbɔ be Japantɔwo kple Koreatɔwo zãa Chinatɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ aɖewo hã la, alesi Japantɔwo kple Koreatɔwo yɔa woe la te ŋu toa vovo sã na alesi Chinatɔwo yɔnɛ, eye wo gɔmesese hã te ŋu toa vovo.

Le gbegbɔgblɔ siwo zãa alfabeta ŋɔŋlɔdzesiwo gome la, bene woayɔ nya wòasɔ ɖe edzi pɛpɛpɛ la, ele be woayɔ ŋɔŋlɔdzesi alo ŋɔŋlɔdzesiwo ƒe ƒuƒoƒo wòasɔ ɖe edzi. Le gbegbɔgblɔ siawo me la, nyawo yɔyɔ nɔa bɔbɔe ne woƒe gbeŋutisewo to mɔ ɖeka abe alesi wòle le Helagbe, Spaingbe, kple Zulugbe mee ene. Ke hã gbegbɔgblɔ aɖewo te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe degbe aɖewo dzi esi wɔnɛ be nyawo yɔyɔ ɖe degbea me nɔna abe alesi woyɔa woe le gbegbɔgblɔ si me woɖe wo tsoe me ene. Eyata ete ŋu dzɔna be woayɔ ŋɔŋlɔdzesi alo ŋɔŋlɔdzesiwo ƒe ƒuƒoƒo le mɔ si alo ekemɛ nu eye ɖewo ya womayɔ wo woaɖi kura gɔ̃ hã o. Ele be nàlé esiwo ƒe yɔyɔ toa vovo ɖe tame be nàyɔe nenema enuenu le nuƒoƒo me. Le Chinagbe me la, nyawo yɔyɔ wòasɔ pɛpɛpɛ bia be ame nalé ŋɔŋlɔdzesi akpe nanewo ɖe tame. Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, nyawo gɔmesese trɔna ne wotrɔ gbea bɔbɔe ɖe anyi alo kɔe dzi. Gɔmesesea trona ne womelé be na gbegbɔgblɔ ƒe akpa vevi sia o.

Ne nukɔkɔwoe ƒoa ƒu zua nyakui le gbegbɔgblɔ me la, afisi wòle be woakɔ gbe dzi le la, ele be woawɔe nenema. Le gbegbɔgblɔ siawo dometɔ geɖe me la, mesesẽna be woadze si afisi wòle be woakɔ gbe dzi le le nukɔkɔa me o. Ne nanewo ato vovo le esia gome la, wote ŋu ŋlɔa nyayɔyɔdzesi ɖe nyakui siwo me wòto vovo le la xa. Esia wɔnɛ be nyawo yɔyɔ pɛpɛpɛ mesesẽna fũ o. Gake nyawo yɔyɔ gasesẽna ɖe edzi ne wo yɔyɔ ŋuti se meto mɔ ɖeka o. Ahiã be woalé nu geɖe ɖe tame hafi woate ŋu ayɔ nyawo bɔbɔe.

Nyayɔyɔdzesiwo ŋudɔwɔwɔ le vevie le gbegbɔgblɔ aɖewo me. Esia fia be dzeside aɖewo adze le alfabeta ŋɔŋlɔdzesi aɖewo tame kple wo gɔme, abe esiawo ene: è, é, ô, ñ, ō, ŭ, č, ö, ç. Woŋlɔa nyayɔyɔdzesiawo gaglãa alo ema manɔmee la, ke ele be nuxlẽlaa ŋutɔ nade nyayɔyɔdzesiawo eƒe nuxexlẽa me bene nuxexlẽa nadze to. Le go sia me la, ahiã be nàdzra ɖo nyuie ne wode dɔ asi na wò be nàxlẽ nu le dutoƒo.

Nanewo li wòle be woaƒo asa na le nyayɔyɔ gome. Ne èyɔa nyawo kple beléle si gbɔ eme la, amewo akpɔe be menye nenemae nèƒoa nui o, woabu kura gɔ̃ hã be ɖe nèdi be yeafia be ame vevi aɖee yenye. Nenema ke wòanɔ ne wò nyayɔyɔ nye tsigãdzi tɔ elabena womegale nyawo yɔm nenema fifia hafi o. Susu hehe va nuƒolaa dzi koe nuwɔna ma nye. Gake nu bubu hã li si menyo kura o, esi nye nuƒoƒo kple nyayɔyɔ alesi dze ame ŋutɔ ŋu, ɖekematsɔlemetɔe. Míeƒo nu tso esiawo dometɔ aɖewo ŋu xoxo le tanya si nye “Nya Siwo Wogblɔ Wo Me Kɔ” la me.

Alesi woayɔ nya aɖee ate ŋu ato vovo tso dukɔ ɖeka me ayi ekemɛ me togbɔ be wo katã wonye gbe ɖeka dolawo gake, alo kura gɔ̃ hã nyaa yɔyɔ ato vovo le dukɔ ma ke ƒe teƒe vovovowo. Amesi tso dukɔ bubu me la ado gbe si wodona le afisi wòyi la wòato vovo vie le nyayɔyɔ me. Nya aɖewo li siwo yɔyɔ ate ŋu ato mɔ eve alo esi wu ema gɔ̃ le nyagɔmeɖegbalẽwo me. Vevietɔ ne amea mede suku yi ŋgɔ o alo gbe si dom wòle fifia la menye wo degbee o la, anyo ŋutɔ ne alé to ɖe gbea dola bibiwo ŋu nyuie eye wòasrɔ̃ woƒe nyayɔyɔ. Abe Yehowa Ðasefowo ene la, míaƒe didie nye be alesi míeƒoa nui la nade bubu míaƒe gbeƒãɖeɖea ŋu eye amesiwo le míaƒe nutoa me nate ŋu ase egɔme bɔbɔe.

Nyuitɔ kekeakee nye be nàzã nya siwo nènya nyuie la le wò gbesiagbe nuƒoƒo me. Zi geɖe la, kuxi menɔa nyayɔyɔ ŋu ne míele dze ɖom o. Gake ne èkɔ gbe dzi hele nu xlẽm la, ɖewohĩ àdo go nya aɖewo siwo mèzãna le gbesiagbe nuƒoƒo me o. Yehowa Ðasefowo xlẽa nu na amewo zi geɖe. Míexlẽa Biblia na amewo ne míele ɖase ɖim na wo. Wodea dɔ asi na nɔvi aɖewo be woaxlẽ memamaawo le Gbetakpɔxɔ Nusrɔ̃ƒe alo le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe. Ele vevie be míaxlẽ nu wòasɔ ɖe edzi pɛpɛpɛ ale be míagaɖe bubu si le gbedasia ŋu la dzi akpɔtɔ le esi míeyɔa nyawo nyuie o ta o.

Ède dzesii be ŋkɔ aɖewo yɔyɔ le Biblia me sesẽa? Le Eŋlisigbe me la, woŋlɔa gbekɔdzidzesi ɖe nukɔkɔ si woayɔ kple gbe si kɔ dzi la yome. Ne ablɔɖegbeɖiɖie nye ŋɔŋlɔdzesi mamlɛtɔ le nukɔkɔ si ŋu gbekɔdzidzesi le me la, ekema ele be woahe ablɔɖegbeɖiɖia me le eyɔyɔ me. Ne xaxagbeɖiɖie nye nukɔkɔa ƒe ŋɔŋlɔdzesi mamlɛtɔ la, ekema womahe nukɔkɔ ma ƒe ablɔɖegbeɖiɖi me o. Ne woŋlɔ ablɔɖegbeɖiɖi siwo nye a kple i ɖe wo nɔewo yome abe alesi wòdzee le Morʹde·cai kple Siʹnai me ene la, ekema woahe ai la yɔyɔ me abe alesi woyɔa i le Eŋlisigbe me ene. Ne woŋlɔ ch la, woyɔa eve ƒokpli sia be k, si fia be ch si dze le Eŋlisigbe me nya Christ me la aɖi be k, negbe ch si le ŋkɔ Rachel me koe meɖina be k o.

Alesi Nàwɔ Wò Nyayɔyɔwo Nanyo Ðe Edzi. Amesiwo nyayɔyɔ ɖea fu na la dometɔ geɖe menya be kuxi sia le yewo ŋu o. Miaƒe sukudzikpɔlaa ƒe dɔmenyo nedze ŋuwò ne efia asi afisiwo wòhiã be nàwɔ ɖɔɖɔɖo le le nyayɔyɔ me. Ne ènya kuxia la, aleke nàwɔ ɖɔɖɔɖoe?

Gbã ne èxɔ nuxexlẽ ƒe dɔdasi la, gbɔ dzi ɖi nàkpɔ nyagɔmeɖegbalẽ me. Di nya siwo yɔyɔ mènya o, ne nyagɔmeɖegbalẽ sia tɔgbe le mia degbe me. Ne mèɖu tu na nyagɔmeɖegbalẽ zazã o la, ekema kpɔ axa gbãtɔawo, afisi woɖe dzesi siwo wozã gɔme le alo ne ehiã la, nàbia ame aɖe wòakpe ɖe ŋuwò. Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, nyagɔmeɖegbalẽa afia wò teƒe gbãtɔ si nàkɔ gbe dzi le le nukɔkɔa me, ne nukɔkɔa wu ɖeka, kple afisi nàkɔ gbe dzi le zi evelia le nya si gadidi wu la gome. Afia wò gbeɖiɖi siwo nàtsɔ ayɔ ablɔɖegbeɖiɖiwo kple xaxagbeɖiɖiwoe le nya la me. Ɣeaɖewoɣi la, alesi woayɔ nya aɖee le nyagbe me la ate ŋu ato vovo na alesi woayɔe le nyagbe bubu me. Nyakui ɖesiaɖe si nèkpɔ alea la, yɔe kple gbe si kɔ dzi zi gbɔ zi nanewo hafi nàda nyagɔmeɖegbalẽa ɖi.

Mɔ evelia si dzi nàto be wò nyayɔyɔ naganyo ɖe edzie nye be nàxlẽ nu ame aɖe nase—amesi ŋutɔ hã yɔa nyawo nyuie—eye nàbiae be wòaɖɔ yeƒe vodadawo ɖo na ye.

Toléle ɖe nuƒola bibiwo ŋu nyuie nye mɔ etɔ̃lia si dzi nàto atrɔ asi le wò nyayɔyɔ ŋu wòaganyo ɖe edzi. Ne woxlẽ New World Translation alo Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ɖe kasɛt dzi le degbea me la, ekema lé to ɖe nuxexlẽa ŋu nyuie. De dzesi nyayɔyɔ siwo to vovo na alesi nèyɔa woe le nua xexlẽ me. Ŋlɔ wo da ɖi nànɔ wo me tom. Mlɔeba kpɔtsɔtsɔ manɔ wò nyayɔyɔ ŋu o eye wò nuƒo adze to ale gbegbe.

ALESI NÀWƆ WÒ NYAYƆYƆ NAGANYO ÐE EDZI

  • Srɔ̃ alesi nàzã nyagɔmeɖegbalẽe, ne ɖe le degbea me.

  • Na amesi xlẽa nu nyuie naɖo to wò nuxexlẽa ne wòaɖɔ wò ɖo.

  • De dzesi alesi nuƒola bibiwo yɔa nyawoe; tsɔe sɔ kple alesi wò hã nèyɔnɛ.

DƆDASI: Di nya siwo yɔyɔ mènya nyuie o le Psalmo 83 alo le Biblia ƒe akpa si ƒe nyayɔyɔwo sesẽ na wò. Zã nyagɔmeɖegbalẽ, ne ɖe li, alo nàbia amesi nya gbea nyuie. De dzesi nukɔkɔ ƒe afisiwo wòle be woakɔ gbe dzi le le ŋkɔwo yɔyɔ me le kpukpui siawo me; kɔ gbe dzi nàyɔ ŋkɔ mawo ɖekaɖeka. Xlẽ ye katã azɔ kple gbe si kɔ dzi.

Ele be masrɔ̃ nya siawo yɔyɔ wòasɔ pɛpɛpɛ

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe