INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/05 axa 6
  • Te Mɔnu si Le Bɔbɔe Kpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Te Mɔnu si Le Bɔbɔe Kpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Gbeƒãɖeɖe ƒe Mɔnu Siwo Le Bɔbɔe Gake Wotsea Ku
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu be Woatsɔ Ðe Le Mawu ƒe Ŋutifafa Fiaɖuƒea Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Mina ‘Míayi Nyaa Gbɔ Tẽ!’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 3/05 axa 6

Te Mɔnu si Le Bɔbɔe Kpɔ

Ne míetsɔ ɖe le eme na amewo vavã la, aʋã mí be míadze agbagba ade dzesi woƒe nuhiahiãwo eye míafia wo alesi Fiaɖuƒea ava kpɔ woƒe kuxiwo gbɔe keŋkeŋ. (Fil. 2:4) Mɔnu bɔbɔe si gbeƒãɖela geɖe kpɔ be ewɔa dɔ lae nye be woakpe aƒemenɔla be wòaƒo nu tso Paradiso ŋuti nɔnɔmetata siwo le míaƒe agbalẽwo me ŋu, abe esiwo woɖo ɖe axa sia ƒe ɖusikpa dzi ene. Àte ŋu awɔ esia to ŋgɔdonya siwo gbɔna la dometɔ ɖeka zazã dzi:

◼ “Ðe nèsusu be míate ŋu akpɔ ameƒomea gbeɖeka wòanɔ dzidzɔ kpɔm abe alesi wòle nɔnɔmetata sia me enea?”

◼ “Mí katã míadi be ne anya wɔ la, mía viwo nakpɔ dzidzɔ le xexe sia tɔgbe me abe alesi wòdze le nɔnɔmetata sia me ene. Nukae nèsusu be ahiã hafi esia nate ŋu ava eme?”

◼ “Nɔnɔmetata sia fia alesi anyigba dzi anɔ ne wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi abe alesi wowɔnɛ le dziƒo ene. Ðe nèkpɔ nane le afisia si to vovo na alesi agbenɔnɔ le egbea?”

◼ “Ðe nàdi be yeanɔ agbe ne nɔnɔmeawo va nyo abe alesi wòle le nutata sia me enea? [Na wòaɖo eŋu.] Ðe nèsusu be nusia ava eme le míaƒe agbenɔɣia?”

Lé to ɖe amea ƒe nyaŋuɖoɖo ŋu nyuie, eye biae nyabiase bubu ɖeka alo eve nàtsɔ anya eƒe nukpɔsusu. Ne ame aɖewo gblɔ be yewomadi be yewoanɔ agbe le nɔnɔme siwo le nutataa me o alo be yewomexɔe se be nusia ate ŋu ava eme o la, mègaƒo nya ta enumake be wometsɔ ɖe le eme o. Tsɔ aɖaŋudzedze bia wo be nukatae wose le wo ɖokui me nenema hã. Ðewohĩ woƒe numeɖeɖewo aɖee afia be wotsi dzi vevie ɖe ameƒomea ƒe kuxi siwo gbɔ wòwɔ abe womate ŋu akpɔ o ene la ŋu.—Xez. 9:4.

Ne ède dzesi nusiwo ŋu aƒemenɔlaa tsi dzi ɖo vɔ la, trɔ wò dzeɖonyaa wòasɔ ɖe wo nu. He eƒe susu yi Fiaɖuƒegbedasia ƒe akpa si ku ɖe eƒe nuhiahiãwo ŋu tẽ la dzi. Xlẽ mawunyakpukpui ɖeka alo eve siwo ƒo nu tso nusiwo ŋu wòtsi dzi ɖo la nɛ. (Kpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le axaa ƒe ɖusikpa dzi.) Na eya ŋutɔ nakpɔ nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ. Ne eɖe ɖetsɔleme fia la, tsɔ agbalẽa nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeagatrɔ ava. Yi edzi nàtu dzeɖoɖoa ɖe nusiwo me miedzro va yi la dzi.

[Aɖaka si le axa 6]

Paradiso Ŋuti Nɔnɔmetata ƒe Kpɔɖeŋuwo

Creation gbalẽa: axa 237, 243, 251

Nufiala gbalẽa: axa 251-4

Sidzedze gbalẽa: axa 4-5, 188-9

Nusi Mawu Di gbalẽ gbadza: axa 11, 13

True Peace gbalẽa: axa 98

Subɔ Mawu gbalẽa: axa 92-3

[Aɖaka si le axa 6]

Nya Siwo Ŋu Amewo Tsia Dzi Ðo

Aƒemanɔamesi, gakuxiwo

Yesaya 65:21, 22

Agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyi

Timoteo II, 3:1-5

Ahedada, ameteteɖeanyi

Psalmo 72:12-14;

Nyagblɔla 8:9

Anyigba la gbegblẽ

Nyaɖeɖefia 11:18

Aʋawɔwɔ, nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔwɔ

Psalmo 46: 9, 10;

Mixa 4:3, 4

Blanuiléle

Psalmo 34:9;

Yesaya 65:17-19

Dɔléle, nuwɔametɔnyenye

Yesaya 33:24; 35:5, 6

Dɔwuame, nunyuimakpɔɖui

Psalmo 72:16;

Yesaya 25:6

Dziɖuɖuwo ƒe kpododonu

Psalmo 146:3, 4;

Daniel 2:44

Ku, konyifafa

Yesaya 25:8;

Nyaɖeɖefia 21:3, 4

Nazãbubu, vovototo dede ame me

Yesaya 11:3-5;

Dɔwɔwɔwo 10:34, 35

Nufitifitiwɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye

Yesaya 9:5, 6;

Petro II, 3:13

Nuvlowɔwɔ, ŋutasesẽ

Psalmo 37:10, 11;

Lododowo 2:21, 22

Ŋutasesẽ le lãwo ŋu

Lododowo 12:10

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe