INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/05 axa 3-5
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Is There a Creator Who Cares About You?
  • Minɔ Ŋudzɔ!
  • Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?
  • Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • The Bible—God’s Word or Man’s?
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Alesi Míana Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽ Lae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • (1) Bia Nya, (2) Xlẽ Mawunyakpukpui, eye (3) He Susu Yi Ta si Sɔ Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Dzeɖonya Siwo Míate Ŋu Azã le Gbeadzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe Agbalẽa Nana
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 1/05 axa 3-5

Dzrae Ðo

Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo

Zã aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna nàtsɔ adzra dzeɖonyawo ɖo na agbalẽ siwo míana le ɣletia me.

Te Ðe Yehowa Ŋu

“Ame geɖe siwo xɔ Mawu dzi se la adi be yewo kplii dome nanɔ kplikplikpli wu. Ènyae be Mawu le mía kpem be míate ɖe ye ŋua? [Xlẽ Yakobo 4:8.] Wota agbalẽ sia be wòakpe ɖe amewo ŋu be woato woawo ŋutɔ ƒe Biblia zazã dzi ate ɖe Mawu ŋu.” Xlẽ memama 1 le axa 16 lia.

“Numadzɔmadzɔwɔwɔ va bɔ egbea ŋutɔ. Ðeko wòle abe alesi woƒo nu tso eŋu le afisia ene. [Xlẽ Nyagblɔla 8:9b.] Ame geɖe biaa wo ɖokuiwo be ɖe Mawu tsɔa ɖe le eme na mí hã. [Xlẽ nyagbe eve gbãtɔ siwo le memama 4 lia me le axa 119.] Ta sia dzro nusita Mawu ɖe mɔ ɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ ŋu hena ɣeyiɣi aɖe la me.”

Is There a Creator Who Cares About You?

“Afikae míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake le ku ɖe míaƒe kuxi sesẽtɔwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Mateo 7:28, 29.] Esia ƒo nu tso alesi Yesu ƒe Todzimawunya wɔ dɔ ɖe amewo dzii ŋu. Se nusi ame bubu aɖewo gblɔ tso eŋu ɖa. [He susu yi numeɖeɖe siwo le axa 152 lia dzi.] Ta sia dzro Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe nufiafiawo me.”

“Ðe nèbia ɖokuiwò kpɔ be: ‘Ne Mawu aɖe li la, ɖe wòava wɔ nane atsɔ aɖe fukpekpe kple madzɔmadzɔnyenye ɖa le xexeame gbaɖegbea?’ [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.] Agbalẽ sia ɖe nusi Mawu awɔ atsɔ aɖe fukpekpe kple nusi gbɔ wòtso la ɖa me.” Ƒo nu kpuie tso ta 10 lia ŋu.

Minɔ Ŋudzɔ!

“Ame geɖe tsi dzi ɖe kuxi sesẽwo kple nudzɔdzɔ dovoɖiname siwo bɔ egbea ŋu. [Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si wonya le nutoa me.] Ènya be nusiawo katã nye dzesi aɖe si le eme vam le xexeame godoo si fia be eteƒe madidi o Mawu ƒe dziɖuɖu akpɔ anyigba dzi nyawo gbɔa? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ mawunyakpukpui aɖe si sɔ, abe Mateo 24:3, 7, 8; Luka 21:7, 10, 11; alo Timoteo II, 3:1-5 ene.] Agbalẽ gbadza sia dzro nusita koŋ wòhiã kpata be míanɔ ŋudzɔ fifia ɖe nusi nudzɔdzɔ siawo fia ŋu me.”

“Ame geɖe le nu xam egbea le nudzɔdzɔ dovoɖinamewo alo ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ƒe ku ta. Ame aɖewo biana wo ɖokuiwo nusitae Mawu mewɔa naneke tsɔ xea mɔ na nusiawo ƒe dzɔdzɔ o. Biblia ka ɖe edzi na mí be eteƒe madidi o Mawu aɖe ameƒomea tso eƒe fukpekpewo me. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:6, 7.] Se nusi Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ afia na ameƒomea ɖa. [Xlẽ Petro II, 3:10, 13.] Nyatakaka geɖe le agbalẽ gbadza sia me ku ɖe nyati vevi sia ŋu.”

Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me

“Ne wokpe wò be nàva nɔ teƒe dzeani sia tɔgbe la, àlɔ̃ anɔea? [Tsɔ nɔnɔmetata si le axa 4-5 la fiae, eye na wòaɖo eŋu.] Se nusi Mawu ƒe Nya gblɔ be eyae nye nu vevitɔ si woawɔ hafi akpɔ gome le agbe sia tɔgbe me tegbee la ɖa. [Xlẽ Yohanes 17:3.] Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la nasu asiwò.” Wɔ ɖoɖo kplii be yewoava dzro ta 1 ƒe memama atɔ̃ gbãtɔawo me ne yegatrɔ va.

Ʋu agbalẽa ƒe axa 188-9, eye nàzã nya siwo le nɔnɔmetataa tame abia aƒemenɔla be: “Ðe nèle mɔ kpɔm be yeanɔ agbe le Paradiso me, esime sidzedze Mawu axɔ anyigba la dzia? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Yesaya 11:9.] Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nusi Biblia gblɔ tso Paradiso ŋu kple alesi míawɔ anɔ emee.” Wɔ ɖoɖo kplii be yewoava dzro ta 1 ƒe memama 11-16 me ne yegatrɔ va.

Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ

“Èsusu be xexeame anya anɔ wu ne amewo nɔ agbe ɖe nya sia nua? [Xlẽ Mateo 7:12a. Azɔ na wòaɖo eŋu.] Nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ ƒe nufiame geɖewo le agbalẽ sia me.” Ƒo nu tso nɔnɔmetata siwo le ta 17 lia me kple nusiwo woŋlɔ ɖe wo gbɔ la ŋu.

“Dzila geɖe dzea agbagba egbea be yewoaƒã agbenyuinɔnɔ ŋuti dzidzenuwo ɖe yewo viwo me. Èsusu be esia le veviea? [Na wòaɖo eŋu. Azɔ xlẽ Lododowo 22:6.] De dzesii be wode dzi ƒo na dzilawo be woadze wo viwo hehe gɔme tso vidzĩme ke. Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe wo ŋu woawɔ esia.” Ƒo nu tso nɔnɔmetata siwo le ta 15, alo 18 lia me kple nusiwo woŋlɔ ɖe wo gbɔ la ŋu.

“Zi geɖe la dzilawo ƒe mo wɔna yaa le nya siwo wo viwo biana ŋu. Nya siawo dometɔ aɖewo ŋu ɖoɖo sesẽna, alo? [Na wòaɖo eŋu. Azɔ xlẽ Efesotɔwo 6:4.] Agbalẽ sia ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woaɖo wo viwo ƒe nyabiasewo ŋu na wo egbea.” Ƒo nu tso nɔnɔmetata kple nusiwo woŋlɔ ɖe wo gbɔ dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu le ta 11 kple 12 alo ta 34 vaseɖe 36 me.

Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?

“Hlɔ̃dodo kple ŋutasesẽ ƒe dzidziɖedzi le míaƒe nutoa me na mí katã míetsi dzi. Èbu be ame aɖe li si ate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔ keŋkeŋua? [Na wòaɖo eŋu.] Mawu akpɔ egbɔ.” Ʋu axa 196; ƒo nu tso Lododowo 2:21, 22 si le memamã 19 lia me ŋu. Tsɔ ta 16 lia ƒe tanya fiae, eye nàtsɔ agbalẽa nɛ.

Ʋu axa 6 lia, eye nàgblɔ be: “Ame geɖe susui be míaƒe ɣletinyigba nyui sia kple nugbagbe siwo le edzi la dzɔ le vome. Nukae nèbu be eyae nye numeɖeɖe si me susu le le alesi nusiawo katã wɔ va dzɔ ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Kpeɖodzi gbogbo aɖewo li siwo ɖo kpe Biblia ƒe nuŋlɔɖi dzi be Wɔla aɖe li si si ŋusẽ geɖe le eye wòlɔ̃a mí vevie hã. Eyae nye Mawu vavã la, eye eƒe ŋkɔe nye Yehowa.” Xlẽ Psalmo 83:19, eye nàɖe eƒe tameɖoɖo be yeatrɔ anyigba katã wòazu Paradiso la me kpuie.

Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee

“Esi subɔsubɔhawo sɔ gbɔ alea gbegbe egbea ɖe, èbu alesi míawɔ anya esi dzi Mawu da asi ɖo ŋu kpɔa?” Ne eɖo eŋu vɔ la, ʋu agbalẽa ƒe axa 377. He susu yi dzeside 7 lia dzi, eye nàbia aƒemenɔlaa be elɔ̃ ɖe edzi be ele be subɔsubɔha vavãtɔ nate ameƒomea me tɔwo katã ƒo ƒui mahã. Mixlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ dometɔ ɖeka, eye ne ɣeyiɣi li la, midzro nya bubu siwo woɖo ɖe afima me. Ne eɖe ɖetsɔleme vavã fia la, ke tsɔ agbalẽa nɛ. Ne èle dzodzom la, àte ŋu abiae be, “Dɔ kae wòle be subɔsubɔha vavãtɔ nawɔ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzi?” Wɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava aɖo biabiaa ŋu.

Ne ame aɖe gblɔ be yenye subɔsubɔha gãwo me tɔ ɖeka la, àte ŋu agblɔ be: “Edzɔa dzi nam ne medo go subɔsubɔha vovovowo me tɔwo. Ameƒomea di Mawu to mɔ vovovowo dzi. [Ne asɔ la, xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:26, 27.] Zi geɖe la, amewo nɔa subɔsubɔha siwo me wo dzilawo le me. [Xlẽ memama 12 lia le axa 8 lia.] Nusɔsrɔ̃ tso subɔsubɔha bubuwo ŋuti dzia ame ƒe sidzedze ɖe edzi. Agbalẽ sia ɖe nu me ku ɖe subɔsubɔha gã siwo le xexeame ƒe dzɔtsoƒe, woƒe nuwɔnawo, kple woƒe nufiafiawo ŋuti.” Fia nusiwo le agbalẽa me ƒe kpɔɖeŋu ɖeka si ku ɖe subɔsubɔha si me amea le ŋu, abe alesi wòle le axa siwo kplɔe ɖo dzi ene: Sikh-subɔsubɔ (100-101); Hindu-subɔsubɔ (116-17); Buddha-subɔsubɔ (141); Tao-subɔsubɔ (164-6); Konfusio-subɔsubɔ (177); Shinto-subɔsubɔ (190-5); Yuda-subɔsubɔ (220-1); kple Islam (289).

Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!

“Ànya see be [yɔ nusi ŋu nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒo nu le]. Ne afɔku dzɔ wòna amewo ku kukpo alea la, ame geɖe bua alesi woawɔ afa akɔ na amesiwo tsi eme ƒe ƒometɔwo ŋu. Nukae nye wò susu?” Na wòaɖo eŋu. Emegbe nàʋu axa 299 eye nàtsɔ tsitretsitsia ŋuti nɔnɔmetata afiae. Gblɔ yi edzi be: “Ewɔa mo yaa na ame geɖe ne wova nya be woafɔ ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa ɖe tsitre le Paradisonyigba dzi. [Xlẽ Dɔwɔwɔwo 24:15 si woyɔ ɖe axa 297, memama 9, eye nàgblɔ numeɖeɖe si le memama 10 lia.] Agbalẽ sia dzro Mawu ƒe tameɖoɖo ɖe etsɔme ŋu ŋuti nya dodzidzɔname bubu geɖe me.”

The Bible—God’s Word or Man’s?

“Kuxi sesẽwo dze ŋgɔ amesiame kloe le agbe sia me. Ame geɖe dia mɔfiafia le aɖaŋuɖola vovovowo gbɔ. Ame aɖewo biaa kpekpeɖeŋu tso vivimenukpɔlawo gbɔ. Afikae nèsusu be míate ŋu axɔ aɖaŋuɖoɖo nyui si aɖe vi na mí ŋutɔŋutɔ la tsoe? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ nyateƒenya vevi aɖe si gɔme wòle be mí katã míase. [Xlẽ Timoteo II, 3:16. Emegbe ʋu agbalẽa ƒe axa 187 lia, eye nàxlẽ memamã 9 lia.] Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be agbenɔnɔ ɖe nusi Biblia gblɔ dzi ɖea vi ɣesiaɣi.”

Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ

“Le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me la, ame geɖe bua Yesu ŋuti. Gake, esi nu baɖabaɖawo le dzɔdzɔm le xexeame katã ta la, ɖewohĩ ame aɖewo adi be yewoanya ne Yesu tsɔa ɖe le eme na mí. Aleke nèbu tso eŋu?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu ta 24 lia, eye nàdzro nusita Yesu va anyigba dzi ɖo me kpuie. Emegbe xlẽ Yohanes 15:13, nàte gbe ɖe lɔlɔ̃ deto si Yesu ɖo na amewo la dzi.

“Ne ame aɖe yɔ Yesu ŋkɔ la, ame geɖe buna be enye vidzĩ alo ŋutsu aɖe si le kudɔ ƒom. Yesu ƒe dzidzi kple ku ŋu koe wonya nu tsoe. Womeɖoa ŋku nu wɔnuku siwo wòwɔ kple nyateƒenya siwo wògblɔ le eƒe agbenɔɣi ya dzi o. Nusi Yesu va wɔ la ka amesiame si nɔ agbe le anyigba dzi kpɔ. Esia tae wòle vevie be míasrɔ̃ nusianu si míate ŋui tso nu wɔnuku siwo wòwɔ ɖe mía ta la ŋu.” Xlẽ Yohanes 17:3. Ʋu ŋgɔdonyaa ƒe axa gbãtɔ, eye nàxlẽ memama 4 lia.

Nukae Mawu Di tso Mía Si?

“Èsusu be ɖe Mawu ɖoe be míanɔ nu xam le agbe me abe esiwo míedoa goe egbea enea? [Na wòaɖo eŋu. Azɔ xlẽ Mateo 6:10.] Èbu nusi tututu Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye ŋu kpɔa?” Ʋu nusɔsrɔ̃ 6 lia, eye nàxlẽ nyabiase siwo le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze. Midze nusɔsrɔ̃a gɔme alo nàwɔ ɖoɖo be miadze egɔme ne ètrɔ va.

“Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi geɖe egbea hã la, dɔléle kple ku gale fukpekpe kple konyifafa hem va amegbetɔƒomea dzi kokoko. Ènya nusi Yesu awɔ na dɔnɔwo, ame tsitsiwo, kple ame kukuwoa?” Na wòaɖo eŋu. Ne amea di be yeanya la, ʋu nusɔsrɔ̃ 5 lia, eye nàxlẽ memama 5-6 ƒe nyabiaseawo. Dzro memamawo me kplii, alo wɔ ɖoɖo be yewoava dzro wo me ne yetrɔ va.

Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La

“Èsusu be afikae míakpɔ kpekpeɖeŋu le akpe akɔ kple agbea ƒe amemiamia? [Na wòaɖo eŋu. Azɔ xlẽ Romatɔwo 15:4.] Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la nana nufiame, akɔfafa, kple mɔkpɔkpɔ si ado ŋusẽ mí be míado dzi le xaxawo me. Agbalẽ sia na aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ viɖe geɖe tso Biblia xexlẽ me la mí.” Ƒo nu tso nya vevi ene siwo le axa 30 lia ŋu.

“Tso esime ke Yesu nɔ anyigba dzi ke la, ame geɖe doa gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava. Ðe nèbu nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ na ameƒomea ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Daniel 2:44.] Agbalẽ sia ɖe nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye, nusi wòava wɔ, kple nusi míawɔ be eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea naɖe vi na mí me.” Ƒo nu tso nɔnɔmetata si le axa 92-3 ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe