INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/05 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Tanya Suewo
  • October 10 ƒe Kwasiɖa
  • October 17 ƒe Kwasiɖa
  • October 24 ƒe Kwasiɖa
  • October 31 ƒe Kwasiɖa
  • November 7 ƒe Kwasiɖa
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 10/05 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

October 10 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 17

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia (ne wosɔ na miaƒe anyigbamama) atsɔ awɔ alesi woana October 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple October 8 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawoe. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe megbe la, te gbe ɖe nya aɖe si wogblɔ le wɔwɔfiaa me si aɖe vi na mí la dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, he susu yi magazineawo me nyati bubu siwo ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamamaa me la dzi.

15 min: Ðe Nuxexlẽ ƒe Ðoɖo Nyui Le Asiwòa? Numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe Subɔsubɔ Suku gbalẽa ƒe axa 21-6 me nya tiatia aɖewo dzi. Nukawoe míate ŋu atia be míaxle? (axa 21, aɖaka) Nukatae wòle vevie be míaxlẽ agbalẽ siwo wotana na mí la? (axa 23, mm. 2) Nu vevi kae akpe ɖe mía ŋu míalé nuxexlẽ ƒe ɖoɖo nyui me ɖe asi? (axa 26, mm. 3-4) Ɣeyiɣi kae nèɖo ɖi na Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo xexlẽ? Aleke esia ɖe vi na wòe?

20 min: “Yi Edzi Nànɔ Mawunya la Gblɔm Kple Dzideƒo.”a Kpe nyaselawo woaƒo nu tso nɔnɔme siwo me wòte ŋu sesẽna le be woalé dzi ɖe ƒo aɖi ɖasee ŋu. Nukae kpe ɖe wo ŋu hafi wote ŋu ɖi ɖase?

Hadzidzi 78; gbedodoɖa na kpakpã.

October 17 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 36

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Zã Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, September 2005 tɔ ƒe emedegbalẽvia me nyatia ƒe akpa 3 lia nàdzro nya ɖeka alo eve me ku ɖe alesi míawɔ Ŋɔŋlɔawo ŋudɔ nyuie ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔm la me.

15 min: Ƒo Asa na Afɔku Siwo Le Internet Zazã Me. Hamemegã ƒe nuƒo si wotu ɖe December 8, 2004 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 18-21 dzi.

20 min: “Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Dɔmenyo Wɔwɔ Me.”b Kpe nyaselawo woagblɔ alesi míate ŋu anyo dɔmee ne míele gbeadzi. Míadzro alesi míatsɔ ɖe le ema na amesiwo míeɖea gbeƒã na la ƒe akpa bubuwo me le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tata siwo ava va me.

Hadzidzi 2; gbedodoɖa na kpakpã.

October 24 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 68

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ka habɔbɔa si ŋuti nyatakaka. Zã dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo le January 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me dometɔ ɖeka, alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa, atsɔ awɔ alesi míana agbalẽ siwo wotia na mí le November me ƒe wɔwɔfia.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, January 2005, axa 8, mm. 5.

15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

20 min: Mawu ƒe Dzidzenuwo Ðeɖe Fia le Míaƒe Awudodo Kple Dzadzraɖo Me. Hamemegã ƒe nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo si wòatu ɖe August 1, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 17-19 dzi. Kpe nyaselawo woagblɔ alesi míaƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le awu siwo da sɔ dodo me ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖi ɖasee.

Hadzidzi 153; gbedodoɖa na kpakpã.

October 31 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 209

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe October gbeadzikɔntabubu ana. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia (ne wosɔ na miaƒe anyigbamama) atsɔ awɔ alesi woana October 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple October 22 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawo. Le wɔwɔfiawo dometɔ ɖeka me la, na woahe aƒemenɔlaa ƒe susu yi aɖaka si nye “Le Tata si Gbɔna Me” dzi atsɔ adzrae ɖo na tɔtrɔyi wɔwɔ.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, October 1998, axa 8, mm. 7-8.

15 min: Tu Ðetsɔleme Ðo to Magazine ƒe Ademɔ Dzi. Nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, May 2005, axa 8 lia dzi. Aleke míate ŋu adze magazine ƒe ademɔ ɖeɖe gɔmee? (mm. 1) Aleke míate ŋu adzra mawunyakpukpui ɖeka ƒe numedzodzro vovovo siwo míazã tsiã ɖe enu ɖoe? (mm. 3) Nukatae mawunyakpukpuia xexlẽ ɖeɖeko mesu o? (mm. 4) Mɔ ka dzie míate ŋu ato ana magazine ƒe ademɔ nazu Biblia-nusɔsrɔ̃? (mm. 5) Na woawɔ wɔwɔfia ɖeka si me gbeƒãɖela aɖe nawɔ mawunyakpukpui ɖeka ƒe numedzodzro kple ame aɖe si wònana magazine edziedzi.

20 min: Sɔhɛ Siwo Dea Bubu Nu Ŋu Gake Womenaa Ta O. Hamemegã ƒe nuƒo si wòatu ɖe September 15, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 23-4 dzi, le tanya sue si nye “Ðe Ðokuiwò Ða Bubutɔe” te. Wɔ ɖoɖo do ŋgɔ be sɔhɛ ɖeka alo eve naƒo nu tso gbetɔame siwo wodo goe le suku kple nusi kpe ɖe wo ŋu wote ŋu kpe akɔ kpli wo dzidzedzetɔe la ŋu.

Hadzidzi 222; gbedodoɖa na kpakpã.

November 7 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 39

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

20 min: Dzi Wò Susu ƒe Nuŋunɔnɔ le Kpekpewo me Ðe Edzi. Nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo si woatu ɖe September 15, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 12-14, memama 11-14 dzi. Dzro aɖaŋu siwo woɖo la me, eye nàkpe nyaselawo woagblɔ nusi kpe ɖe wo ŋu be wokpɔ viɖe geɖe wu tso hamea ƒe kpekpewo me.

20 min: “Tu Numeɖeɖe na Amewo Aɖaŋutɔe ƒe Ŋutete Ðo.”c Kpe gbeƒãɖela aɖewo siwo nètia do ŋgɔ ne woagblɔ alesi wote ŋu ɖe nu me na ameƒomevi vovovowo le miaƒe anyigbamamaa me.

Hadzidzi 50; gbedodoɖa na kpakpã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

b Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

c Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe