Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le February me: Míana Is There a Creator Who Cares About You? alo Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. March: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme. April kple May: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. Midze agbagba miaɖo ame yeye siwo va Ŋkuɖodzia kple dutoƒonuƒo tɔxɛa gake womedea ha kple hamea edziedzi o la gbɔ. Taɖodzinuae nye be míadze aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo dometɔ siwo mele nu srɔ̃m haɖe o.
◼ Esi kwasiɖanuwuwu atɔ̃ sɔŋ ye le March me ta la, enye ɣleti si sɔ nyuie na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ.
◼ Hamea ƒe agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔdzikpɔla nato gbesiagbe mɔɖelawo katã ƒe dɔwɔnawo me. Ne ele sesẽm na wo dometɔ aɖewo be woaɖo gaƒoƒonudidia gbɔ la, hamemetsitsiwo nawɔ ɖoɖo akpe ɖe wo ŋu.
◼ Ƒe 2008 Ŋkuɖodziɖuɣia ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa ƒe tanya enye “Ame Kae Dze Aɖu Ameƒomea Dzi?” Mikpɔ esia ŋuti gbeƒãɖeɖe le September 2007 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me.
◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamemetsitsiwo be woawɔ dzadzraɖo nyuiwo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu. Míeɖe kuku, midzro March 5, 2007, ƒe lɛta kple March 2004 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 3 lia me ake hena mɔfiamewo.