INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/08 axa 7
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 2/08 axa 7

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Míadzro biabia siwo gbɔna me le February 25, 2008, ƒe kwasiɖaa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Sukudzikpɔlaa akpɔ miniti 30 ƒe numetoto si wotu ɖe January 7 va se ɖe February 25, 2008, ƒe dɔdeasiwo dzi la dzi. [Mide Dzesii: Le biabia siwo yome womefia asi nyawo tsoƒe o gome la, ahiã be wò ŋutɔ nàwɔ wò numekuku be nàke ɖe ŋuɖoɖoawo ŋu.—Kpɔ Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 36-7.]

NUƑOƑO ƑE NUDIDIWO

1. Nu kae wòle be míawɔ, si akpe ɖe nyaselawo ŋu be woase ŋɔŋlɔawo gɔme, eye nu ka tae wòle be míawɔe nenema? [be-EW axa 228 mm. 2-3]

2. Nu ka ta wòle vevie be míana nufiame nanɔ míaƒe nuƒowo me na nyaselawo, eye aleke míate ŋu awɔ esiae? [be-EW axa 230 mm. 3-5, aɖaka]

3. Mɔ kawo nue numekukuwɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le be nufiame nyuiwo nanɔ míaƒe nuƒowo me? [be-EW axa 231 mm. 1-3]

4. Aleke míawɔ ana nufiame geɖe wu nanɔ mawunyakpukpui siwo míaƒe nyaselawo nya nyuie xoxo la me ne míele eme dzrom? [be-EW axa 231 mm. 4-5]

5. Nu ka tae wòle vevie be míade ŋugble le mawunyakpukpui siwo míexlẽ la ŋu kple amewo? [be-EW axa 232 mm. 3-4]

DƆDEASI GBÃTƆ

6. Nu kae ɖee fia be Yudatɔwo koŋ tae Mateo ŋlɔ eƒe agbalẽa ɖo? [bsi08-1-EW axa 4 mm. 6-7]

7. Aleke míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖo hena nufiame siwo wonana le kpekpeawo me xɔxɔ? (2 Kron. 20:33) [be-EW axa 13 mm. 4–axa 14 mm. 4]

8. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ ahe wo viwo be woazu ‘nunyalawo hena ɖeɖekpɔkpɔ’? (2 Tim. 3:15) [be-EW axa 16 mm. 3-4]

9. Aleke Mateo ƒe Nya Nyui Gbalẽa te gbe ɖe Biblia me nyagblɔɖiwo me vava dzii? [bsi08-1-EW axa 5 mm. 32]

10. Togbɔ be Mateo ƒe Nya Nyui Gbalẽa ƒo nu tso Yesu ŋu be eyae nye Mesia kple Fia si ŋugbe wodo hã la, aleke Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽa ya ƒo nu tso eŋui? [bsi08-1-EW axa 7 mm. 7-8]

KWASIÐA SIA KWASIÐA ƑE BIBLIA XEXLẼ

11. Ðe dzikuɖeɖefia vɔ̃ɖi wu eléle ɖe dɔ mea? (Mat. 5:21, 22) [w08-EW 1/15 “Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe—Nya Vevi Siwo Tso Mateo Ƒe Agbalẽa Me”]

12. Aleke Kristotɔwo nana ‘woƒe ŋku nɔa nu ɖeka ŋu’? (Mat. 6:22, 23) [w06-EW 10/1 axa 29]

13. Nu kae Yesu di be yeagblɔ esi wòbia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miese nu siawo katã gɔmea?” (Mat. 13:51, 52) [w08-EW 1/15 “Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe—Nya Vevi Siwo Tso Mateo Ƒe Agbalẽa Me”]

14. Nu ka tae Yesu dea se na ame siwo ŋu wòda gbe le la be “woagana woanya ye o”? (Mat. 12:16) [w87 5/15 axa 9; cl-EW axa 93-4]

15. Nu ka fiam Yesu nɔ le “nudzidzenu” si wotsɔ ‘dzidzea nu’ na amewo ŋu? (Mar. 4:24, 25) [w80 6/15 axa 12; gt-EW ta 43]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe