Xɔse Ƒe Ðaseɖiɖi Nyui Aɖe!
1. Nudzɔdzɔ ɖefuname kawo ŋu nyae Yesu gblɔ ɖi?
1 Apostoloawo ɖo to moveviɖoɖotɔe esime Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe anyinɔnɔ kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la ŋu. Yesu gblɔ be, nudzɔdzɔ ɖefunamewo—aʋawɔwɔ, nuɖuɖu ƒe veve, anyigbaʋuʋu, kple dɔvɔ̃wo—ava ameƒomea dzi. Emegbe egblɔ be woalé fu ye yomedzelawo, woahe fukpekpe ava wo dzi, eye woawu wo. Aʋatsonyagblɔɖilawo ado, eye woaflu ame geɖewo. Ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ ayi to.
2. Nu ka tae wòwɔ nuku ŋutɔ be míete ŋu le gbeƒã ɖem nya nyuia le xexea me godoo?
2 Awɔ nuku na apostoloawo esi Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le anyigba la katã dzi le nɔnɔme mawo me. (Mat. 24:3-14) Egbea la, míele nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi ma ƒe emevava si ɖe dzesi ŋutɔ la teƒe kpɔm. Togbɔ be míele afɔkuɣiwo me hã la, mí Yehowa Ðasefowo míele gbeƒã ɖem nya nyuia dzonɔamemetɔe. Esi xexea ƒe lɔlɔ̃ nu le tsitsim la, míawo ya míaƒe lɔlɔ̃ le bibim nyuie wu. Togbɔ be “dukɔwo katã” léa fu mí hã la, míeɖea gbeƒã le dukɔwo katã kloe me.
3. Dzidziɖedzi dedziƒoname kawoe nèkpɔ le xexea me katã ƒe akɔntabubua me?
3 Aleke gbegbee wòade dzi ƒo na mí ne míedzro dɔ siwo Yehowa Ðasefowo wɔ le subɔsubɔƒe si va yi me si dze le aɖaka si le axa 3 va se ɖe axa 6 lia mee nye esi! Ƒe 16 sɔŋ enye esia la, míezãa gaƒoƒo miliɔn akpe ɖeka kple edzivɔ le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me ƒe sia ƒe. Xɔse ƒe ɖaseɖiɖi nyui kae nye esi! Mɔɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi 5.8 le alafa me, gbeƒãɖelawo 3.1 le alafa me, eye Biblia nusɔsrɔ̃wo hã dzi ɖe edzi 4.4 le alafa me. Nyɔnyrɔxɔlawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi 20.1 le alafa me ne wotsɔe sɔ kple subɔsubɔƒe si va yi tɔ. Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ be míakpɔe be ame siwo ade miliɔn adre kloe le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe—wosɔ gbɔ fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe le ameƒomea ƒe ŋutinya me! Esi nèle aɖaka la me dzrom la, nu kae de dzi ƒo na wò koŋ le eme?
4. Nɔnɔme kawo dzie ɖekakpui aɖe ɖu hafi xɔ nyɔnyrɔ?
4 Togbɔ be akɔntabubu siawo wɔa dɔ ɖe ame dzi hã la, mele be míaŋlɔ be o be wonye akɔntabubu siwo ku ɖe ame siwo ɖe xɔse fia ŋutɔŋutɔ ŋu. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Wonyi Guillermo le Bolivia. Wodzii le ƒe 1935 me, eye wòwɔ dɔ le coca (si nye gbe muame aɖe) gble me tso esime wòxɔ ƒe asieke. Tso eƒe ɖevime ke la, eɖua coca aŋgba be yeatsɔ aɖe dɔ sesẽ wɔwɔ ƒe nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔ. Emegbe la, ete sigaret kple aha tsu nono. Gake esi Guillermo te nusɔsrɔ̃ tso nu si Yehowa di tso esi ŋu la, edzudzɔ sigaret kple aha tsu nono. Nu si va sesẽ nɛ wue nye asiɖeɖe le coca aŋgba ɖuɖu ŋu, si nye nane si wòwɔna tso eƒe ɖevime ke. Edo gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe, eye wòɖu nɔnɔme gbegblẽ ma dzi mlɔeba. Esi wòɖe asi le eƒe agbenɔnɔ tsãtɔ ŋu la, exɔ nyɔnyrɔ. Egblɔ be: “Fifia ŋunye kɔ eye dzi le dzɔyem ŋutɔ.”
5. Nu kae nye wò didi?
5 Yehowa tsɔa ɖe le eme na amewo vavã. Eƒe didie nye be amewo katã naɖo dzimetɔtrɔ gbɔ. (2 Pet. 3:9) Esiae nye míawo hã míaƒe didi. Mina míaƒe dzi naʋã mí be míayi edzi akpe ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu be woava nya Yehowa ahalɔ̃e abe míawo ke ene.