March 23 Ƒe Kwasiɖa
MARCH 23 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 76
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
cl-EW ta 2 mm. 10-17
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: 1 Mose 47-50
No. 1: 1 Mose 48:1-16
No. 2: Abosam—Ðe Wòle Be Míavɔ̃ea?
No. 3: Mawu Ƒe Dɔlawo Kpena Ðe Mía Ŋu (lr-EW ta 11)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
Hadzidzi 118
5 min: Gbeƒãɖeɖewo.
10 min: Dzra ɖo ɖe April 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple April ƒe Nyɔ! nana ŋu. Numedzodzro kple nyaselawo. Ne èƒo nu tso magazineawo ŋu kpuie vɔ la, bia nyaselawo nyati siwo ŋu wodi be yewoaƒo nu tso le anyigbamamaa me, kple nu si tae. Nyabiase kple mawunyakpukpui kawoe woɖo be yewoazã atsɔ aƒo nu tso nyatiawo ŋu? Na woawɔ ale si woana magazine siawo dometɔ ɖe sia ɖe la ƒe wɔwɔfia. Le wɔwɔfiaawo dometɔ ɖeka me la, na woawɔ ale si woate ŋu adze nusɔsrɔ̃ gɔme ne wole tɔtrɔyi wɔm la afia.
10 min: Miaƒe nu hiahiãwo.
10 min: Ðe Bubu Fia To Toɖoɖo Aƒemenɔlaa Nyuie Kple Eƒe Nukpɔsusuwo Ŋu Bubu Me. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe Subɔsubɔ Suku gbalẽa ƒe axa 186-187 dzi. Na woawɔ ale si míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi ne míele nu ƒom na aƒemenɔla aɖe ƒe wɔwɔfia. Le esia megbe la, kpe nyaselawo woagblɔ nu si tae gbeƒãɖelaa te ŋu kpɔ dzidzedze ɖo.
Hadzidzi 89