February 8 Ƒe Kwasiɖa
FEBRUARY 8 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 47
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Ʋɔnudrɔ̃lawo 11-14
No. 1: Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:1-14
No. 2: Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Ƒe Nya Siwo Le Luka 16:9-13 Me?
No. 3: Nu Kae ‘Fuwɔame Mavɔ’ Si Ŋu Nya Wogblɔ Le Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Me Fia? (rs axa 172 mm. 2-3)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
Hadzidzi 172
5 min: Gbeƒãɖeɖewo.
10 min: Nya Siwo Amewo Biana Tso Ŋkekenyuiwo Ŋu La Ŋu Ðoɖo. Numedzodzro kple nyaselawo, si woaɖe tso Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me, le axa 156 va se ɖe 159 kple axa 222 va se ɖe 223. Ŋkekenyui kawoe amewo lɔ̃a ɖuɖu le mia gbɔ? Nɔnɔme kawo mee wòanya wɔ le be míadzro ŋkekenyui aɖe me kple ame aɖe le? Na dzila aɖe nawɔ ale si míadzra mía viwo ɖo be woaɖo nya ŋu na ame si bia wo be nu ka tae womeɖua Easter (Pâques) o la afia.
20 min: “Míakpe Amewo Na Ŋkuɖodzia Le Xexea Me Godoo!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. Ne amekpegbalẽviawo va ka mia si xoxo la, ekema hafi miadzro memama 2 lia me la, na woana ɖeka ame sia ame, eye nàƒo nu tso nu vevi siwo le edzi la ŋu. Ne miedzro memama 2 lia me vɔ la, na gbeƒãɖela aɖe nawɔ ale si míakpe amewoe la afia. Bia subɔsubɔdɔdzikpɔla alo hamemetsitsi bubu ne wòagblɔ ɖoɖo bubu siwo wowɔ ɖe gbea dzi dede ŋu le ŋkuɖodziɖuɣia.
Hadzidzi 114