Nu Kae Amewo Srɔ̃na Tso Gbɔwò Ne Wolé Ŋku Ðe Ŋuwò?
1. Nu kae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃ tso egbɔ esi wolé ŋku ɖe eŋu?
1 Yesu gblɔ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye.” (Mat. 11:29) Eme kɔ ƒãa be, Yesu to kpɔɖeŋu nyui si wòɖo hã dzi fia nu amewo, ke menye to nya siwo wògblɔ me ko o. De ŋugble le nu siwo nusrɔ̃lawo srɔ̃ tso Yesu ŋu esi wolé ŋku ɖe eŋui ŋu kpɔ. Efa, enyoa dɔ me, eye wòlɔ̃a ame. (Mat. 8:1-3; Mar. 6:30-34) Ebɔbɔa eɖokui tso dzi me. (Yoh. 13:2-5) Esi nusrɔ̃lawo nɔ Yesu ŋu le subɔsubɔdɔa me la, wode dzesii be enye dɔwɔla si ŋu ɖeɖi metena o, ame si bi ɖe nyateƒe la fiafia me. (Luka 8:1; 21:37, 38) Nu kae amewo kpɔna le mía ŋu ne wolé ŋku ɖe ale si míewɔa subɔsubɔdɔae ŋu?
2. Aleke míaƒe dzedzeme kple nɔnɔme nyuiwo wɔa dɔ ɖe aƒemenɔlawo dzii?
2 Aƒemenɔlawo: Ale si míedzrana ɖo nyuie, míaƒe nɔnɔme nyuiwo kple ale si míetsɔa ɖe le eme na amewo tso dzi me la wɔa dɔ ɖe aƒemenɔlawo dzi ŋutɔ. (2 Kor. 6:3; Flp. 1:27) Wodea dzesii be míezãa Biblia edziedzi. Ame bubuwo hã kpɔa dzidzɔ ɖe ale si míeɖoa to wo nyuie ne wole nu ƒom la ŋu. Eya ta ele be míanyae be kpɔɖeŋu nyui si míeɖona le nu siawo me la nana amewo lɔ̃na sea Fiaɖuƒe gbedeasia.
3. Aleke míaƒe nuwɔna ate ŋu aʋã mía nɔvi bubuwoe?
3 Mía Nɔviwo: Bu dɔ si wòawɔ ɖe mía nɔviwo hã dzi ŋu kpɔ. Ne dzo le mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la, ate ŋu ana dzo naɖo ame bubuwo hã me nenema ke. Ale si wotsɔa ga nyrea gae la, nenema kee ne míedzrana ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nyuie la, ate ŋu aʋã ame bubuwo woagabi geɖe wu le nufiafia me. (Lod. 27:17) Ne míedoa vevie nu hewɔa nuŋlɔɖi le ame siwo tsɔ ɖe le eme ŋu, eye míetrɔna yia wo gbɔ kaba la, aʋã nɔvi bubuwo hã be woawɔ nenema ke. Míaƒe nuwɔna ate ŋu aʋã hati subɔlawo ne míewɔa subɔsubɔdɔa dea goe bliboe.—2 Tim. 4:5.
4. Nu ka tae wòanyo be míanɔ kpɔɖeŋu siwo míeɖona la me dzrom enuenu?
4 Ðe manyo be nàdzro ɖokuiwò me enuenu ahakpɔe ɖa be dɔ kae nu siwo nèwɔna, nya siwo nègblɔna, kple kpɔɖeŋu siwo nèɖona la wɔna ɖe ame bubuwo dzi hã oa? Ne míeɖoa kpɔɖeŋu nyui la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu, eye míawo hã míase le mía ɖokui me be míagblɔ abe apostolo Paulo ene be: “Mizu srɔ̃nyelawo, abe ale si nye hã menye Kristo srɔ̃la ene.”—1 Kor. 11:1.