INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/07 axa 4
  • Dze Kpɔɖeŋu Si Yesu Ðo Ði La Yome

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dze Kpɔɖeŋu Si Yesu Ðo Ði La Yome
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fia Ame Fafawo be Woazɔ Mawu ƒe Mɔ Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míaƒo Ƒu Asubɔ Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Èwɔa Tɔwò Si Nua Be Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Natu Ame Ðoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Kpekpeawo Ðea Vi na Sɔhɛwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 9/07 axa 4

Dze Kpɔɖeŋu Si Yesu Ðo Ði La Yome

1. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi?

1 Ne míele gome kpɔm le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me la, ele be wòanɔ susu me na mí be kpɔɖeŋu si ɖom míele ɖi la ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ame siwo léa ŋku ɖe mía ŋu la dzi. Yesu fia nu to nya kple nuwɔna dzi. Ame siwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu la ate ŋu akpɔ dzo si nɔ eme, ale si wòlɔ̃ amewoe, ale si wòdi vevie be yeakɔ ye Fofo ƒe ŋkɔa ŋu, kple ale si wòɖoe kplikpaa be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu la adze sii.—Pet. I, 2:21.

2. Mɔ kawoe nue míaƒe kpɔɖeŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame siwo le dɔ wɔm kpli mí le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la dzii?

2 Ne Míele Ðase Ðim Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me: Míaƒe kpɔɖeŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame siwo le dɔ wɔm kple mí la dzi abe ale si wònɔ le Yesu gomee ene. Ne gbeƒãɖela yeye kple esiwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe mesu o la kpɔ ale si míele gbeƒã ɖem dzonɔamemetɔe la, ana woawo hã woabu ale si woawɔ woƒe ɖaseɖiɖidɔa wòanyo ɖe edzi wu la ŋu. Ne wokpɔ ale si míele dzidzɔ kpɔmee kple ale si míeɖea ɖetsɔleme vavã fiaa amewoe la, esia akpe ɖe wo ŋu woakpɔ ale si wòle vevie be woawo hã woaɖe nɔnɔme siawo ke afia le woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me adze sii. Ne wokpɔ ale si míedoa vevie nu le Ŋɔŋlɔawo zazã me, le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me, kple Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple amewo me la, aʋã woawo hã be woawɔ nenema ke.

3. Aleke míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ate ŋu asrɔ̃ nu tso míaƒe kpɔɖeŋu mee, eye nu kawoe woate ŋu asrɔ̃?

3 Ne Míele Biblia Nusɔsrɔ̃wo Wɔm: Míaƒe nuwɔnawo koŋ ŋue míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo alé ŋku ɖo. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be míate ŋu aɖe nu si ta dzadzraɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu do ŋgɔ, mawunyakpukpuiawo xexlẽ, kple flitete ɖe nya veviawo te le vevie me na wo hã la, woate ŋu anya ne mía ŋutɔwo míedzrana ɖo nyuie. (Rom. 2:21) Ne míewɔna ɖe game si míeɖo be míasrɔ̃ nu kple wo la dzi la, womaɖe mɔ be nu bubuwo wɔwɔ nagblẽ Biblia nusɔsrɔ̃a me na yewo o. Nusrɔ̃viawo ade dzesi ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nɔnɔme si míeɖena fiana le subɔsubɔdɔa me kple xɔse sesẽ si le mía si la godoo. Mewɔ nuku o be ame siwo dzea Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo yome pɛpɛpɛ la ƒe nusrɔ̃viwo va zua gbeƒãɖela bibi siwo doa vevie nu.

4. Ne míede hamea ƒe kpekpeawo la, nu kae amewo srɔ̃na tso kpɔɖeŋu si míeɖona la me?

4 Ne Míele Hame Ƒe Kpekpewo Me: Ame siwo katã le Kristo hamea me wɔa akpa aɖe le nufiafia amewo me to kpɔɖeŋu si woɖona le hame ƒe kpekpewo me la me. Ðetsɔlemetɔ siwo dze kpekpeawo dede gɔme kpɔa viɖe geɖe tso kpɔɖeŋu nyui siwo wodea dzesi le hamea me la me. Woade dzesi nɔviwo ƒe vividoɖeameŋu, ɖekawɔwɔ si le mí Kristotɔwo dome, kple ale si míeda sɔ le míaƒe awudodo kple dzadzraɖo me. (Ps. 133:1) Woade dzesi ale si míedea hamea ƒe kpekpewo edziedzii kple ale si míeʋua míaƒe xɔse me le kpekpeawo me la hã. Ŋutsu aɖe si wokpe va míaƒe kpekpeawo dometɔ ɖeka me la de dzesi ale si nyɔnuvi sue aɖe tea ŋu ʋua mawunyakpukpui si woyɔ la kaba hekplɔa nuxexlẽa ɖo nyuie le eƒe Biblia me. Eƒe kpɔɖeŋua ʋã ŋutsua wòbia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

5. Nu ka tae mele be míabu kpɔɖeŋu si míeɖona ɖi la ƒe vevienyenye nu tsɛ o?

5 Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo be míasrɔ̃ mía nɔewo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo. (Fil. 3:17; Heb. 13:7) Eya ta, ele be míanyae be ne míedze Yesu ƒe kpɔɖeŋua yome pɛpɛpɛ la, ame bubuwo ade dzesii, eye ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi. Esi míeva nya esia ta la, mina míawɔ ɖe nya siwo dze le Timoteo I, 4:16 la dzi, wogblɔ le afi ma be: “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe