September 19 Ƒe Kwasiɖa
SEPTEMBER 19 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 35 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
sp axa 25 va se ɖe 27 (25 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Psalmowo 135-141 (10 min.)
No. 1: Psalmo 137:1–138:8 (4 min. alo made o)
No. 2: Nu Si Tae Paulo Ƒe Nya Siwo Le Romatɔwo 14:7-9 La Faa Akɔ Na Mí (5 min.)
No. 3: Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Atrɔ Anyigba La Wòazu Paradiso—rs-E axa 232 mm. 1-3; +bh axa 34 mm. 20 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
5 min: Gbeƒãɖeɖewo.
10 min: Dɔ Kae Míewɔ Le Ƒe Si Va Yi Me? Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo. Dzro dɔ siwo hamea wɔ le subɔsubɔƒe si va yi me la me, he susu yi dɔ nyui siwo wowɔ la dzi, eye nàkafu wo ɖe nu siwo me wowɔ ŋgɔyiyi le ta. Bia gbe gbeƒãɖela ɖeka alo eve siwo si nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo su le subɔsubɔƒea me. Ƒo nu tso subɔsubɔdɔa ƒe akpa ɖeka alo eve siwo ŋu wòhiã be hamea nawɔ dɔ tsoe le subɔsubɔƒe yeyea me ŋu, eye nàɖo aɖaŋu siwo dzi woate ŋu azɔ ɖo bene woawɔ ŋgɔyiyi le go siawo me.
10 min: Àte Ŋu Aɖe Wo Mea? Numedzodzro si wotu ɖe Ðoɖo gbalẽa dzi, axa 198, nyabiabia 12-13.
10 min: “Yehowa Le Hehe Nam Mí Hena Gbeƒãɖeɖedɔa Wɔwɔ.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo.
Hadzidzi 20 Kple Gbedodoɖa