September 26 Ƒe Kwasiɖa
SEPTEMBER 26 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 10 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
sp axa 28 kple 29 (25 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Psalmowo 142-150 (10 min.)
No. 1: Psalmo 144:1–145:4 (4 min. alo made o)
No. 2: Ðe Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme Le Ƒe Alafa Gbãtɔ Mea?—rs-E axa 232 mm. 4-6; +bh axa 84 mm. 22 (5 min.)
No. 3: Nu Ka Tae Wòle Be Míaƒo Asa Na “Ameŋkumekpɔkpɔ”?—Yak. 2:1-4 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Gbeƒãɖeɖewo. Midzro nyati si nye “Mɔ Aɖe Si Nu Míazã Agbalẽ Gbadza Si Nye Bible’s Message La Le” la me. Na woazã kpɔɖeŋudzeɖonya si le axa 4 lia atsɔ awɔ ale si míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme le Memleɖa, October 1, dzi la ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na ame sia ame be wòakpɔ gome le eme.
10 min: Nyabiaɖaka. Numedzodzro. Gblɔ March 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 8 lia me nya aɖewo kpee.
15 min: Dzra Ðo Ðe Magazinewo Nana Le October Me Ŋu. Numedzodzro. Zã miniti ɖeka alo eve nàtsɔ ahe susu ayi nyati aɖewo, siwo ate ŋu ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me dzi. Eyome tia nyati eve alo etɔ̃ miatsɔ adzro ale si míate ŋu azã wo atsɔ ana magazineawoe me, gake midzro nyatiawo me ɖekaɖeka. Be nàwɔ esia la, kpe nyaselawo ne woagblɔ nyabiase siwo míate ŋu abia atsɔ anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme, eye eyome nàbia wo be mawunyakpukpui kae míate ŋu axlẽ hã. Esi wònye be October ƒe Nyɔ! la nye tata tɔxɛ ta la, kpe nyaselawo ne woagblɔ ame siwo tata sia ate ŋu ado dzidzɔ na kple ale si míawɔ amae na ame geɖewo. Na woawɔ ale si míate ŋu ana magazineawo la ƒe wɔwɔfiawo.
Hadzidzi 41 Kple Gbedodoɖa