December 12 Ƒe Kwasiɖa
DECEMBER 12 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 43 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
lv ta 3 mm. 16-21 (25 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Yesaya 6-10 (10 min.)
No. 1: Yesaya 6:1-13 (4 min. alo made o)
No. 2: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Ɣeyiɣi Didi Sia Gbegbe Va Yi Hafi Wòatsrɔ̃ Ame Vɔ̃ɖiwo?—rs-E axa 241 mm. 1-3; +bh axa 112 mm. 15-17 (5 min.)
No. 3: Nu Si Tae Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O—1 Kor. 13:8; 1 Yoh. 4:8 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
5 min: Gbeƒãɖeɖewo.
15 min: Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Ðoɖowɔɖi Hena Ƒe 2012. Sukudzikpɔla ƒe nuƒo. Dzro nu vevi siwo ŋu wòle be miaƒe hamea nalé ŋku ɖo le ƒe 2012 ƒe ɖoɖowɔɖia me la me. Dzro mɔfiame si ku ɖe aɖaŋuɖola kpeɖeŋutɔ ƒe dɔa ŋu me. De dzi ƒo na nɔviwo katã be woalé fɔ ɖe woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ, gomekpɔkpɔ le Biblia xexlẽ me nya veviwo me dzodzro, kple aɖaŋuɖoɖo siwo wonana kwasiɖa sia kwasiɖa tso Subɔsubɔ Suku gbalẽa me la dzi wɔwɔ ŋu.
15 min: “Míenɔa Klalo Ɣesiaɣi Na Gbeƒãɖeɖe.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. Ne miele memama 2 lia me dzrom la, bia gbe gbeƒãɖela aɖe si bi ɖe vomeɖaseɖiɖi me la kpuie. Biae be wòagblɔ ale si wòdzrana ɖo do ŋgɔ, eye wòagblɔ nuteƒekpɔkpɔ nyui aɖe si su esi.
Hadzidzi 24 Kple Gbedodoɖa