INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/12 axa 2
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nunya Kple Viɖe si Le Ðoɖowɔwɔ ɖe Ame ƒe Nunɔamesiwo Ŋu Me
    Nyɔ!—1999
  • Woƒe Nu Siwo Gbɔ Edzi La Kpɔ Hiahiã Aɖe Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 6/12 axa 2

Nyabiaɖaka

◼ Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míedi be míaƒe nunɔamesiwo ƒe akpa aɖe alo wo katã nazu Yehowa ƒe habɔbɔa tɔ le míaƒe ku megbe?

Ne amegbetɔwo ku la, womegakpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe woƒe ŋutilãmenunɔamesiwo dzi o. (Nyagb. 9:5, 6) Eya ta ame geɖe wɔa domenyinumagbalẽ alo domenyinudzikpɔgbalẽ le se nu do ŋgɔ tsɔ ɖea ale si wodi be woama woƒe nunɔamesiwo ne woku la me. (2 Fia. 20:1) Zi geɖe la, amea ŋlɔa domenyinudzikpɔla (ame si akpɔ eƒe nuawo dzi) alo domenyinumala (ame si ama eƒe nuawo) la ƒe ŋkɔ ɖe segbalẽ sia me. Le dukɔ geɖe me la, ne womeŋlɔ domenyinumagbalẽ ɖi o la, dziɖuɖumegãwo atso nya me le ale si woama ame si ku la ƒe nunɔamesiwoe ŋu. Eya ta ne didi aɖewo koŋ le mía si ku ɖe míaƒe nunɔamesiwo ŋu, le kpɔɖeŋu me, ne míedi be akpa aɖe alo wo katã nazu Yehowa ƒe habɔbɔa tɔ la, ele vevie ŋutɔ be míawɔ segbalẽ si me míaɖe eme le, eye míade ŋugble nyuie atia domenyinudzikpɔla alo domenyinumala.

Agba gã aɖe ŋutɔe le domenyinudzikpɔla alo domenyinumala la dzi. Le nunɔamesiawo ƒe agbɔsɔsɔme nu la, wo nu ƒoƒo ƒu kple wo mama ate ŋu alɔ nu geɖe ɖe eme eye ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe hã. Gakpe ɖe eŋu la, dziɖuɖu ƒe ɖoɖo aɖewo hã nɔa anyi zi geɖe siwo dzi wòle be woazɔ ɖo. Menye hamea me tɔ ɖe sia ɖe koe ate ŋu anye domenyinudzikpɔla alo domenyinumala nyui o. Ele be ame si míatia la nanye ame si míenya nyuie be edze na dɔa, ame si dzi woate ŋu aka ɖo, kple ame si alɔ̃ faa be yeawɔ míaƒe didiwo dzi.—Kpɔ nyati si nye “Nunya Kple Viɖe Si Le Ðoɖowɔwɔ Ðe Ame Ƒe Nunɔamesiwo Ŋu Me,” si dze le January 8, 1999, ƒe Nyɔ! me (Yevugbe me tɔ, December 8, 1998).

Ne Ame Aɖe Bia Tso Asiwò Be Nànye Domenyinudzikpɔla Alo Domenyinumala Na Ye: Ne ame aɖe bia tso asiwò be nàkpɔ yeƒe nunɔamesiwo mama dzi le yeƒe ku megbe la, gbã la, do gbe ɖa tso eŋu eye nàde ŋugble tso nu siwo agbanɔamedzi ma tsɔtsɔ lɔ ɖe eme la ŋu nyuie ahakpɔe ɖa be àte ŋu atsɔe hã. (Luka 14:28-32) Le amea ƒe ku megbe la, ele na wò be nàna ame siwo katã domenyinuawo ayi na la nanya. Esi wònye be ŋusẽ le asiwò be nàɖe afɔ ma ta la, anye wò agbanɔamedzi be nàma nuawo le se nu kple ale si tututu wogblɔe le domenyinumagbalẽ alo domenyinudzikpɔgbalẽa me ene. Ele be domenyinudzikpɔla alo domenyinumala nanyae be nunɔamesiawo ɖasɔ gbɔ alo woɖale ʋɛe o, mele be yeawɔ nu bubu to vovo na nu si woŋlɔ ɖe agbalẽa me o. Ga alo nu ɖe sia ɖe si ŋu ame aɖe wɔ ɖoɖo ɖo be woatsɔ ana Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana la nye adzɔgbeɖega alo adzɔgbeɖenu siwo zu Yehowa ƒe habɔbɔa tɔ.—Luka 16:10; 21:1-4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe