Nunya Kple Viɖe si Le Ðoɖowɔwɔ ɖe Ame ƒe Nunɔamesiwo Ŋu Me
NUWO meva yi abe alesi aƒetɔ Peterson kple srɔ̃a susui ene o.a Woɖo ŋu ɖe ga si woakpɔ ne wodzra woƒe nunɔamesiwo la ŋu be akpe ɖe yewo ŋu yewoate ŋu akpɔ yewo ɖokui dzi le ƒe siwo me yewoaxɔ dzudzɔ le dɔ me me eye be ga sia asu na yewoƒe nuhiahiãwo ale be mlɔeba la, yewoava wɔ nu nyui aɖewo na yewo viwo hã tso eme. Adzɔ gã si woxe ɖe nunɔamesiawo dzadzra ta la gblẽ woƒe mɔkpɔkpɔa me.
Nunɔamesi siwo ƒeawo ƒe yiyi wɔe be asixɔxɔ va le wo ŋu la hã nɔ Smith kple srɔ̃a hã si. Esi wodzra nunɔamesi mawo le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu la, wote ŋu wɔ ɖoɖo ɖe ga aɖe xɔxɔ le woƒe dzudzɔxɔxɔledɔme megbe ŋu hena wo ɖokui dzikpɔkpɔ, nu nyui aɖewo nana wo viwo kple ga aɖe nana kpekpeɖeŋunahabɔbɔ si gbɔ womelɔ̃a nu le o hã.
Rose Jones meganya alesi tututu wòawɔ o. Le srɔ̃aŋutsu ƒe ku kpata megbe teti ko la, edze agbalẽ siwo me nyawo gɔme mese o xɔxɔ gɔme tso nuto si me wòle ƒe dziɖuɖumegãwo kple dziɖuɖua ŋutɔ gbɔ. Srɔ̃aŋutsu John ye kpɔa woƒe ganyawo, siwo ŋu adzɔxexe, ga si nugblẽfexehawo axe na eƒe amewo le eƒe ku megbe ŋuti ɖoɖowɔwɔwo, kple esiawo tɔgbe gbɔ ɣesiaɣi. Ŋutsua gblɔna nɛ ɣesiaɣi be megatsi dzi o—“yekpɔ nusianu gbɔ.” Gake esi megblẽ domenyinumãgbalẽ aɖeke ɖi o ta la, woɖo asi nusiwo ŋu srɔ̃nyɔnua nɔa agbe ɖo la dometɔ aɖewo dzi. Wogblɔ nɛ be ele be wòayi aɖadi senyala aɖe ne wòakpe ɖe eŋu wòakpɔ nusiwo srɔ̃ŋutsua gblẽ ɖe megbe kple nusi nuawo tɔtrɔ de eƒe ŋkɔ me abia. Wogblɔ nɛ hã be le sea nu la, nusiawo ƒe akpa aɖe ayi na atsusia ƒe viwo, togbɔ be enya be menye aleae ye srɔ̃a adii o hã. Ðeko alesi menya nusi wòawɔ o kple dzitsitsi ɖe nusi wòagblẽ hafi nuwo nagaɖo woƒe nɔnɔ la na agba si ahosi zuzu da ɖe edzi la gakpe ɖe edzi.
Nublanuinya si nye be Mary Brown srɔ̃ŋutsua ku kpata la dzɔ ɖe nyɔnu sia hã dzi. Enyanya be ye srɔ̃ wɔ ye kple yewo vi eveawo ƒe dzikpɔkpɔ ŋu ɖoɖo la fa akɔ nɛ vie. Enya nusiwo azu ye tɔ enumake ne ye srɔ̃ ku kpakple nusiwo ava zu ye tɔ ɖe nusi ye srɔ̃ ŋlɔ ɖe domenyinumãgbalẽa me la nu hã katã. Togbɔ be enɔ asitɔtrɔ wɔm le akɔkpekpe kple ahosi zuzu ƒe fukpekpewo ŋu hã la, edzɔ dzi nɛ ŋutɔ be ye srɔ̃ bu yewo ŋu ale gbegbe be wòwɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu, ale eƒe ku mena ganyawo sesẽ boo aɖeke na wo kple ɖeviawo o.
Nukae na Smith ƒomea kple Mary Brown ƒe nyawo to vovo? Ðoɖowɔwɔ ɖe ame ƒe nunɔamesiwo ŋue.
Nukae Nye Ðoɖowɔwɔ ɖe Ame ƒe Nunɔamesiwo Ŋu?
Kpuie ko la, ɖoɖowɔwɔ ɖe ame ƒe nunɔamesiwo ŋue nye nyametsotso le alesi woamã wò nunɔamesiwoe le wò ku megbe ŋu kple afɔɖeɖe siwo nàwɔ be woawɔ ɖe wò nyametsotsoawo dzi pɛpɛpɛ ga geɖe magblẽmagblẽe. Afɔɖeɖe siawo ƒe ɖewo abia be nàɖe ŋkɔ na nunɔamesiawo, ayɔ amesiwo woatsɔ nuawo ana, eye nàwɔ agbalẽwo abe domenyinumãgbalẽwo kple amesiwo anɔ nuawo dzi kpɔm gbɔ va de asi na ɣeyiɣi aɖe ene la ɖi. Le nya aɖewo siwo gasẽ wu me la, abia nu geɖe wu ema.
Ðikeke mele eme o be togbɔ be ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe nunya si le ɖoɖo sia wɔwɔ me dzi hã la, ame ʋee aɖewo koe wɔnɛ. Ewɔ nuku be domenyinumãgbalẽ aɖeke mele ame tsitsi 70 le alafa me si le United States o! Taflatse siwo wodona ƒe ɖewoe nye: “Mexaxa ale gbegbe; mele ewɔ ge.” “Menye ga alo kesinɔnu boo aɖekee le asinye magblẽ ɖi na ame o.” “Senyala mele asinye o.” “Nyemedi be manɔ nye ku ŋuti bum o.” “Nyemenya afisi madze egɔme tsoe o.”
Nyateƒee, ame ƒe nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖowɔwɔwo ŋu bubu ate ŋu ado vɔvɔ̃ na ame. Gake mele be wòanɔ alea o. Egɔmedzedze katã koe nye nuawo ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu, kple nyametsotso si dze ŋgɔwò la gɔmesese. Abe alesi wònɔna le nu geɖewo me ene la, nenye be èmã ɖoɖoa me vivivi ɖe afɔ siwo nàɖe nu eye nèkpɔ wo gbɔ ɖekaɖekae ɖe afɔɖeɖeawo nu la, ame ƒe nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖowɔwɔ menyea nu sesẽ boo aɖeke o.
Afɔ Siwo Nàɖe
Afɔɖeɖe gbãtɔ enye be nàŋlɔ wò nunɔamesiwo katã da ɖi. Menye nunɔamesiawo ŋkɔ koe wòle be nàŋlɔ ɖi o ke boŋ ŋlɔ ho si nuawo dometɔ ɖesiaɖe xɔ kple alesi wowɔ zu tɔwò alo mia tɔ la hã. (Kpɔ “Wò Nunɔamesiwo Ŋutɔŋutɔ” ŋu ɖoɖowɔgbalẽvi si le aɖakaa me.) Àte ŋu aƒo nuawo ƒe akpa gãtɔ nu ƒu be wonye megbedanuwo (ga si nède dɔwɔƒe aɖe ɖoɖo me, ga si nèdo na adzɔha aɖe, ga si mienɔ ƒuƒoƒo me do na dɔwɔƒe aɖe), nunɔamesi siwo womate ŋu atsɔ adzoe o (wò aƒe, aƒe alo dɔwɔƒe aɖe si nèhaya na amewo), ga si le gadzraɖoƒe (ga si dzi nèxɔa viɖe ɖo, ga si nèda ɖe gadzraɖoƒe si nàte ŋu axɔ ɣesiaɣi, ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe gadodo si dzia viɖe geɖe); nusiwo nye wò ŋutɔ tɔwòwo (nutata alo aɖaŋunu siwo woate ŋu adzra, nukpakpɛwo, lekewɔnuwo, ʋuwo, xɔmenuwo), ga si woaxe na wò ƒometɔwo le wò ku megbe; gakpekpeɖeŋu si nàxɔ ne èxɔ dzudzɔ le dɔ me, kple dɔ siwo le asiwò alo dɔwɔƒe siwo nèɖo. Ne èŋlɔ nusiwo nye tɔwòa vɔ la, ŋlɔ fe siwo le ŋuwò, ga siwo nèdo tsɔ ƒle anyigba alo tso aƒee, gadodowo, fe siwo nède asi agbalẽ te be yeava xe, kple agbananuƒlegbalẽvi dzi fe siwo kpɔtɔ hã ɖi. Nusiwo akpɔtɔ ne èɖe fe siawo tso wò nunɔamesiwo katã ƒe ƒuƒoƒo mee nye wò nunɔamesiwo ŋutɔŋutɔ. Le dukɔ geɖe me la, woxɔa adzɔ ɖe nusiwo ƒe dome wonyi la ta. Wò nunɔamesiwo ŋutɔŋutɔ ƒe home dzie wonɔa te ɖo kaa adzɔ si woaxe, eyata ho si wò nunɔamesiwo ŋutɔŋutɔ nye la nyanya le vevie ŋutɔ.
Afɔɖeɖe evelia enye be nàde dzesi nusiwo nye wò taɖodzinu vevitɔwo kekeake—menye le nusiwo le asiwò la gome o, ke boŋ le nusi nèdi be yeawɔ na ye ɖokui kple amesiwo ava nyi dowòme siaa la gome. Zi geɖe la, srɔ̃tɔ adi be yeagblẽ nane ɖi na ye srɔ̃. Dzila adi be yeana gakpekpeɖeŋu aɖe ye viwo. Ame tsitsi adi be yeawɔ ɖoɖo aɖe hena ye dzila tsitsiwo dzikpɔkpɔ. Gakpe ɖe eŋu la, àdi be yeaɖo ŋku ye xɔlɔ̃ aɖewo dzi alo ana nu dɔmenyohabɔbɔ aɖewo le wò nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖowɔwɔa me. Ele vevie be nàŋlɔ amesiwo nàtsɔ ade wò nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖowɔwɔ la me ƒe ŋkɔwo kple nusi nye wò taɖodzinu le wo dometɔ ɖesiaɖe gome la ɖi.
Mègaŋlɔ nu vovovo siwo ate ŋu adzɔ si ate ŋu agblẽ nu le wò nunɔamesiwo ŋu ɖoɖoa ŋuti la ŋu bubu be o. Le kpɔɖeŋu me, ne amesi anyi dowòme la ku do ŋgɔ na wò ɖe? Ðe nàdi be etɔ gome la nayi na srɔ̃a, viawo, alo ɖewohĩ ame bubua?
Afɔɖeɖe etɔ̃lia enye be nàtia amesiwo akpɔ egbɔ be wowɔ wò didiawo dzi. Zi geɖe la, àhiã amesi amã nuawo, kple ɖewohĩ amesi si me nuawo anɔ kpakple amesi anɔ nuawo dzi kpɔm vaseɖe ɣeyiɣi aɖe na nuawo ƒe domenyilawo. Metsɔ le amesi nètia la me o, na be ame aɖe si ate ŋu axɔ ɖe amesia teƒe hã nakpe ɖe eŋu, eye nàkpɔ egbɔ be amesiame si ƒe ŋkɔ nèŋlɔ la lɔ̃ faa be yeawɔ dɔ si nèle asi dem na ye la. Amesi amã nuawo lae aƒo wò nuwo katã nu ƒu le wò ku megbe akpɔ se kple ʋɔnunya siwo aɖo kpe domenyinumãgbalẽa ƒe nyateƒenyenye dzi kple eŋunya siwo afɔ ɖe te gbɔ, eye wòamã nuawo ɖe wò didi nu. Ƒowòmetɔ aɖe koŋue ate ŋu atsɔ agbanɔamedzi sia nyuie wu togbɔ be àte ŋu azã habɔbɔ aɖe abe gadzraɖoƒewo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa nuwo dzi na ame ene ne wò nuwo ƒe nɔnɔme ɖe fu hã. Ele be nàŋlɔ amesi anyi viwòwo ne edzɔ be mi kpakple srɔ̃wò siaa mieku esime wogakpɔtɔ nye ɖeviwo la hã ƒe ŋkɔ ɖe wò domenyinumãgbalẽa me. Ne èwɔ ɖoɖoa be ame aɖe nanɔ nuawo dzi kpɔm na ɖeviawo la, àte ŋu aŋlɔ ɖeviawo dzikpɔla la ƒe ŋkɔ abe amesi akpɔ nuawo hã dzi ene, nenye be amea ate ŋu azã ga nyuie ko. Ne ɖeviawo dzikpɔla la menya gazazã nyuie o la, àte ŋu aŋlɔ habɔbɔ aɖe abe gadzraɖoƒewo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa nuwo dzi na ame ene la be eya ɖeɖeko nakpɔ nuawo dzi na ɖeviawo alo be eya hã nakpe ɖe ɖeviawo dzikpɔla ŋu le nuawo dzikpɔkpɔ na wo me.
Afɔɖeɖe enelia enye be nànya nusiwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò tameɖoɖoa nava eme. Àdi be yeatsɔ nuawo ana tẽ loo alo nàgblẽ nunɔamesia ɖe ame aɖe si me wòanɔ edzi kpɔm nɛ boŋua? Vovototo gã aɖe le eme. Ne èɖe asi le nua ŋu tẽ la, ke màgakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi ne èku o. Gake ne ètsɔe na be woakpɔ edzi nɛ la, wò ŋusẽkpɔɖedzi aɖe gakpɔtɔ le eŋu le wò ku megbe kura gɔ̃ hã. Amesi nèyɔ be wòakpɔ nuawo dzi la akpɔ wo dzi eye wòazã wo ɖe mɔfiafia si nèna la nu na ameawo. Le kpɔɖeŋu me, le ɖevi suewo gome la, nuawo dzikpɔlawo ate ŋu awɔ ɖoɖo hena wo dzikpɔkpɔ ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nuhiahiãwo nu ahatia ƒe si(wo) ɖevia ŋutɔ axɔ hafi akpɔ ŋusẽ ɖe nusi dzi kpɔm wole nɛ la dzi.
Amekae Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu?
Le nya ɖesiaɖe kloe me la, ele be nàbia kpekpeɖeŋu tso amesi xɔ hehe le ame ƒe nunɔamesiwo ŋu ɖoɖowɔwɔ me gbɔ be nàse nusiwo nàwɔ be wò tameɖoɖoa nava eme la gɔme. Ele be woawɔ wò nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖowo wòasɔ ɖe wò taɖodzinu tɔxɛwo kple nɔnɔmewo nu. Wò nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖowɔwɔ ate ŋu ahiã na aɖaŋuɖola geɖe, abe gakɔntabula, ganyaŋutiɖoɖowɔla, kple nugblẽfewo ŋutinunyala ƒe kpekpeɖeŋu. Nenye be ède dɔmenyohabɔbɔ ŋkɔ wò nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖoa me la, ate ŋu adzɔ be àxɔ kpekpeɖeŋu tso habɔbɔ ma ƒe dɔwɔƒe si kpɔa nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo la gbɔ femaxee. Le kpɔɖeŋu me, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si kpɔa Nunana Siwo Ŋu Ðoɖo Le dzi la naa kpekpeɖeŋu amesiwo di be yewoayɔ Habɔbɔa de yewoƒe nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖoa me. Woƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me kɔ le alesi woawɔ ɖoɖoe ale be mahiã adzɔxexe fũ akpa o be nuawo ƒe akpa gãtɔ natsi anyi na woƒe lɔlɔ̃tɔwo kple Habɔbɔa la ɖe vi na ame geɖe.b
Togbɔ be ame geɖe ahiã le ɖoɖoa ƒe gɔmedzedze hã la, senyala si bi nyuie ɖe nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖowo wɔwɔ me ye wòle be wòawɔ wò ɖoɖo mamlɛawo kple eŋuti nuŋlɔɖiwo. Bia gbe aɖaŋuɖolaa tso eƒe ŋutete kple eƒe nuteƒekpɔkpɔ le nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖowɔwɔ me la eya ŋutɔ faa. Ne dɔ alo dɔwɔƒe aɖee nèdi be yeagblẽ ɖi na wò ƒomea alo ƒowòmetɔ aɖe si ŋu wɔna aɖeke megale o la dzikpɔkpɔe le vevie na wò la, bia aɖaŋuɖola la nenye be ewɔ dɔ sia tɔgbe va yi kpɔ. Le nya sia nya me la, bia ga si amesiwo akpe ɖe ŋuwò la axɔ, eye miadee agbalẽ me.
Ðoɖowɔwɔ ɖe ame ƒe nunɔamesiwo ŋu nye nusi eŋu manyamanya nyuie ate ŋu agblẽ nu geɖe le. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso srɔ̃tɔ siwo míayɔ be Paul kple Mary ŋu kpɔ. Wodii be yewoagblẽ yewoƒe nunɔamesiwo katã ɖi na yewo vinyɔnu etɔ̃awo sɔsɔe. Esi wo vinyɔnu Sarah nɔ xɔ si tsiã ɖe wo tɔ nu me ta la, wotso nya me be yewoatsɔ eƒe ŋkɔ akpe ɖe yewo tɔ ŋu abe nuawo tɔwo ene. Wosusui be ‘ne míewɔe alea la, Sarah ate ŋu akpɔ míaƒe nunɔamesiwo dzi ne wɔna aɖeke megava le mía ŋu o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Sarah ƒe ŋkɔ yɔyɔ ɖe nuawo ŋuti fia be eya koe anye nuawo tɔ le míaƒe ku megbe, eye míagahiã na domenyinumãgbalẽ wɔwɔ kple ʋɔnuyiyi na kpeɖoɖo numamãa dzi o. Ðeko wòamã nusiwo kpɔtɔ la kple nɔvianyɔnuwo le míaƒe ku megbe.’
Gake nuwo meva yi abe alesi Paul kple Mary ɖoe ene o. Sarah kple nɔvianyɔnuawo nya mã nuawo le wo dzilawo ƒe ku megbe ya, gake nuwo tɔtrɔ de woƒe ŋkɔ me he adzɔfe gã aɖe si na be ye ŋutɔ tɔ gome la dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ. Azɔ hã Sarah ƒe nuawo tɔ nyenye meɖe nuawo dzikpɔkpɔ ƒe ŋusẽ si katã edzilawo di be wòasu esi la ƒe mɔ nɛ o. Paul kple Mary ƒe tameɖoɖo la nyo hafi. Ðe wodi be yewoakpɔ egbɔ be woakpɔ yewo dzi ne wɔna aɖeke megale yewo ŋu o. Wodii hã be nuawo tsɔtsɔ de wo viwo ƒe ŋkɔ me ƒe mɔnu nanɔ bɔbɔe eye magblẽ ga o. Ke hã mɔnu si wotia be yewoana yewoƒe tameɖoɖoawo nava eme la menyo o.
Mele be ɖoɖowɔwɔ ɖe wò nunɔamesiwo ŋuti nanye nusi nàwɔ zi ɖeka ko le wò agbemeŋkekewo me o. Emetoto edziedzi nye nusi hiã elabena adzɔ ŋuti sewo, domenyinu ŋuti sewo, kple agbemenyawo trɔna. Ƒometɔ aɖe ƒe ku, tɔgbuiyɔvi aɖe xɔxɔ, nu yeye aɖe domenyinyi, kple nunɔamesiwo ƒe dzidziɖedziwo la katã nye nusiwo ate ŋu ana be nàgbugbɔ wò nunɔamesiwo ŋu ɖoɖowo me ato.
Ẽ, nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖowɔwɔ nye nu sesẽ. Ebia ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ. Eye ebia nyametsotso sesẽwo wɔwɔ zi geɖe. Ðoɖowɔwɔ ɖe nunɔamesiwo ŋu nye seselelãme deto ƒe nuwɔna aɖe. Ekuna ɖe amewo kple nusiwo le vevie na wò kpakple wò etsɔmedidiwo ŋu. Nusi nèdi be yeatsɔ yeƒe nunɔamesiwo awɔe kple mɔ nyuitɔ si dzi nàto aɖo wò taɖodzinuwo gbɔ la bia ɖokuimedzodzro blibo. Gake ne mèbu ɖoɖowɔwɔ ɖe wò nunɔamesiwo ŋu nyuie o la, ate ŋu ahe kuxi sesẽwo vɛ, abe esiwo ƒe kpɔɖeŋu míewɔ ɖe nyati sia ƒe gɔmedzedze ene. Ẽ, vi siwo wòaɖe la aƒo nusiwo ewɔwɔ bia la ta sasasã. Eƒe viɖe gãtɔ kekeake enye dzidzeme si enyanya be yewɔ ɖoɖo si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu si akpɔ yeƒe lɔlɔ̃tɔwo ta la hena vɛ.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Togbɔ be nusiwo míesusu be woate ŋu adzɔ lae kpɔɖeŋu siwo le nyati sia me nye hã la, agbe me nuteƒekpɔkpɔ vovovowo dzie míetu wo ɖo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, United States ƒe se dzi koŋue míetu nyatakaka siwo dze le nyati sia me ɖo, ke hã gɔmeɖose siwo ŋu míeƒo nu le la wɔa dɔ le dukɔ bubu geɖe hã me.
b Taflatse kpɔ agbalẽ gbadza si nye Planned Giving to Benefit Kingdom Service Worldwide, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta hena nyatakaka bubuwo.
[Aɖaka si le axa 18]
Afɔɖeɖeawo
• Ŋlɔ wò nunɔamesiwo katã ɖi, eye nàde dzesi nusiwo nye tɔwò kple esiwo ƒe fe le ŋuwò
• De dzesi wò ŋutɔ kple miaƒe ƒomea ƒe taɖodzinuwo, tameɖoɖowo, kple nuhiahiãwo
• Tia amesiwo awɔ wò didiwo dzi abe nuawo mãla, nuawo dzikpɔla, kple ɖeviawo dzikpɔla ene, eye nàkpɔ egbɔ be wolɔ̃ faa be yewoawɔ dɔ sia
• Bia aɖaŋuɖoɖo tso ame ƒe nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖowɔwɔŋutinunyala aɖe gbɔ tso nunɔamesiwo ŋuti ɖoɖowɔwɔ mɔnu vovovo siwo li la ŋuti
[Nyaɖoɖo si le axa 17]
Wò Nunɔamesiwo Ŋutɔŋutɔ Ŋu Nuŋlɔɖigbalẽ
Le Ŋkɔwò MeLe Srɔ̃wò ƒe Ŋkɔ MeLe Ƒuƒoƒo aɖe ƒe Ŋkɔ Me
Nunɔamesiawo
Wò aƒe (ho si wòaxɔ fifia)
$$$
Wò xɔ alo anyigba bubuwo
$$$
Ga si le gadzraɖoƒe (esi nèva xɔna kabakaba kple esi dzi nèxɔa viɖe ɖo)
$$$
Ga si le teƒe bubuwo
$$$
Ga si nède dɔwɔƒe aɖe ɖoɖo me, ga si nèdo na adzɔha aɖe, ga si mienɔ ƒuƒoƒo me do na dɔwɔƒe aɖe
$$$
Wò kumegbega si woaxɔ
$$$
Viɖe si nèxɔna tsoa dɔ si mia kple ame aɖe mieɖo me
$$$
Dzudzɔxɔledɔmega
$$$
Nusiwo si le wò ŋutɔŋutɔ wò asi me
$$$
Nunɔamesi bubuwo (de dzesi wo ɖekaɖeka)
$$$
Nunɔamesiawo katã ƒe ƒuƒoƒo
$$$
Fe siwo le ŋuwò
Xɔtuga si wodo na wò
$$$
Gadodo alo ŋuwò fe bubuwo (esiwo wò ŋutɔ nèdo, agbananuƒlegbalẽvi dzi fe siwo kpɔtɔ, kple bubuawo)
$$$
Feawo katã ƒe ƒuƒoƒo
$$$
Nusiwo kpɔtɔ na wò (ɖe feawo tso nunɔamesiawo me)
$$$
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Ðoɖowɔwɔ ɖe ame ƒe nunɔamesiwo ŋu bia be nàwɔ ɖoɖo ɖe wò lɔlɔ̃tɔwo ƒe etsɔme ŋu