INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/12 axa 4
  • October 1 Ƒe Kwasiɖa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • October 1 Ƒe Kwasiɖa
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Tanya Suewo
  • OCTOBER 1 ƑE KWASIÐA
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 9/12 axa 4

October 1 Ƒe Kwasiɖa

OCTOBER 1 ƑE KWASIÐA

Hadzidzi 45 Kple Gbedodoɖa

□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:

lv ta 16 mm. 1-8 (30 min.)

□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:

Biblia xexlẽ: Daniel 4-6 (10 min.)

No. 1: Daniel 4:15-25 (4 min. alo made o)

No. 2: Nu Si Tae Kristotɔ Vavãwo Ƒoa Asa Na Gbɔgbɔyɔnuwɔna Ðe Sia Ðe (5 min.)

No. 3: Mɔ Kawo Dzie Mawu To Na Mɔfiame Eƒe Amewo Le Anyigba Dzi Le Blema?—rs-E axa 281 mm. 1-2; +lv axa 48 ƒe aɖaka (5 min.)

□ Subɔsubɔ Kpekpe:

Hadzidzi 19

5 min: Dze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi. Na woazã kpɔɖeŋudzeɖonya si le axa sia atsɔ awɔ ale si míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le Memleɖa gbãtɔ dzi le October me la ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na nɔviawo katã be woakpɔ gome le eme.

15 min: Dɔ Kae Míewɔ Le Ƒe Si Va Yi Me? Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo. Dzro dɔ siwo hamea wɔ le subɔsubɔƒe si va yi me la me, he susu yi dɔ nyui siwo wowɔ la dzi, eye nàkafu wo ɖe nu siwo me wowɔ ŋgɔyiyi le ta. Bia gbe gbeƒãɖela ɖeka alo eve siwo si nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo su le subɔsubɔƒea me. Ƒo nu tso subɔsubɔdɔa ƒe akpa ɖeka alo eve siwo ŋu wòhiã be hamea nawɔ dɔ tsoe le subɔsubɔƒe yeyea me ŋu, eye nàɖo aɖaŋu siwo dzi woate ŋu azɔ ɖo bene woawɔ ŋgɔyiyi le go siawo me.

10 min: Ale Si Míana Magazineawo Le October Me. Numedzodzro. Zã sɛkɛnd 30 va se ɖe 60 nàtsɔ agblɔ nu si tae magazineawo ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me ɖo. Ema megbe la, kpe nyaselawo ne woagblɔ nya siwo míate ŋu abia atsɔ anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme ɖe Gbetakpɔxɔ la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la ŋu, eye eyome nàbia wo be mawunyakpukpui kae míate ŋu axlẽ hã. Wɔ nenema ke le Nyɔ! la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la gome, eye ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, gawɔ nenema ke le magazineawo me nyati bubu aɖe hã ŋu. Na woawɔ ale si míate ŋu ana magazineawo la ƒe wɔwɔfiawo.

Hadzidzi 26 Kple Gbedodoɖa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe